Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 11:42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 Lã sue, siwo katã zɔna le anyigba dzi, esiwo tana le ƒodo dzi kpakple esiwo gɔme afɔ ene alo afɔ geɖe le la, miaɖu wo o, elabena ŋunyɔnuwo wonye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

42 Migaɖu nu gbagbe si tana le anyigba le eƒe ƒodo dzi alo wòzɔna kple afɔ ene loo alo le afɔ geɖewo dzi la o. Enye nu si woatsri.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 11:42
12 Referans Kwoze  

Wo dometɔ ɖeka, si nye woa ŋutɔwo ƒe nyagblɔɖila la, gblɔ be: „Kretatɔwo nye aʋatsokalawo ɖaa, lã vɔ̃ɖiwo, ƒodo wɔkuviawo.“


Elabena nenem me siawo nye aʋatso-apostolowo, dɔwɔla, siwo blea ame, amesiwo trɔa wo ɖokui woa Kristo ƒe apostolowo.


Ke mele vɔvɔ̃m bena, amea ɖe menya nu o, alesi da la tsɔ eƒe adaŋu vɔ̃ ble Xawa la, nenema ke woagblẽ miaƒe tamesusuwo tso dzimekɔkɔ, si miekɔ na Kristo la me mahĩ?


Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me, eye mele tsitre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eyama me o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.


Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena miena ahame, sikɔni kple tsyo ƒe memamã ewolia, eye miegblẽ nusiwo le kpekpem wu le sedede la me: ʋɔnudɔdrɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ kple xɔse la ɖi; ke esiawo le bena, miawɔ, eye miagagblẽ ekemeawo ɖi mawɔmawɔ o.


Eye esi wòkpɔ farisitɔ kple zadukitɔ geɖewo va eƒe mawutsidedetaname gbɔ la, egblɔ na wo bena: Dawo ƒe dzidzimewo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã?


Woaɖuɖɔ kewɔ abe dawo kple anyigba dzi nutatawo ene, eye woadzo nyanyanya aɖo atso woƒe mɔ̃wome; dzidzi aƒo wo woava Yehowa, mía Mawu la gbɔ, eye woavɔ̃ wò.


Amegãxi kple alẽvi woaɖu gbe le wo nɔewo gbɔ, dzata aɖu gbe abe nyi ene, eye da ƒe nuɖuɖu anye kewɔ. Womawɔ vɔ̃a ɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye to kɔkɔe blibo la dzi o, Yehowa ye gblɔe!


Tete Mawu gblɔ bena: Nu gbagbewo neƒu tsi le tsia me, eye xe dzodzoewo nedzo le ya me le dziƒolilia ƒe ŋku me.


Anyigbadzilã suewo katã la, ŋunyɔnuwo wonye, eye womaɖu wo o.


Migatsɔ lã suewo do ŋunyɔ mia ɖokui o, eye migatsɔ wo gblẽ kɔ ɖo ahaƒo ɖi mia ɖokui o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite