Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 11:41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Anyigbadzilã suewo katã la, ŋunyɔnuwo wonye, eye womaɖu wo o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

41 “ ‘Nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana le anyigba dzi la nye nu si woatsri; womaɖui o.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 11:41
6 Referans Kwoze  

Anyigbadzilã sue, siwo ŋu meka na mi o wonye: adɔ, afi kple adoglo ƒomeviwo,


Ke nu dzodzoe bubu, siwo katã gɔme afɔ ene le la, ŋunyɔnu woanye na mi.


Nu dzodzoe, siwo katã zɔa afɔ enee dzi la, ŋunyɔnu woanye na mi.


Tete Mawu gblɔ bena: Nu gbagbewo neƒu tsi le tsia me, eye xe dzodzoewo nedzo le ya me le dziƒolilia ƒe ŋku me.


Eye nu gbagbe, siwo ʋãa wo ɖokui le anyigba dzi; xe dzodzoewo, aƒemelãwo, gbemelãwo kple nusiwo katã tana le anyigba dzi, hekpe ɖe amewo ŋu, wo katã wotsi tɔ la me.


Lã sue, siwo katã zɔna le anyigba dzi, esiwo tana le ƒodo dzi kpakple esiwo gɔme afɔ ene alo afɔ geɖe le la, miaɖu wo o, elabena ŋunyɔnuwo wonye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite