Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 11:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Lã, siwo katã fe li na, eye wozɔa afɔ enee dzi la, lã makɔmakɔwo woanye na mi, amesiame, si aka asi woƒe kukua ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

27 Miekpɔ mɔ aɖu lã afɔene siwo ƒe afɔwo nu fetsu le o. Ame si ka asi woƒe kukua ŋu hã ŋuti mekɔ o, va se ɖe fiẽ.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 11:27
10 Referans Kwoze  

Ke nu dzodzoe bubu, siwo katã gɔme afɔ ene le la, ŋunyɔnu woanye na mi.


Nu dzodzoe, siwo katã zɔa afɔ enee dzi la, ŋunyɔnu woanye na mi.


Lã, siwo katã ƒe afɔkli me fe, gake mete ʋu keŋ o, eye womegadzɔa nu ɖuna o la, lã makɔmakɔwo woanye na mi; amesiame, si aka asi wo ŋu la, eŋu meka o.


Eye amesi atsɔ woƒe kuku la, nanyã eƒe avɔwo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ; elabena lã makɔmakɔwo wonye na mi.


Ŋkeke alesi xɔ la gale tutu ko, hafi amea ɖe ge ɖe eme la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


eye nunɔla la nawɔ wo ŋu dɔ; wòatsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔe, eye wòatsɔ evelia asa numevɔe. Ale nunɔla la alé avu nɛ le Yehowa ŋku me le eƒe afu la ta.


Amesi kplɔ gbɔ̃tsu la ɖo ɖe Asasel gbɔ la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, emegbe hafi wòkpɔ mɔ ava asaɖa la me.


Ne duamevi alo amedzrovia ɖe ɖu lã kuku alo lã, si nu lé la, ekema wòanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ; emegbe eŋu kɔ.


amesi ka asi nusiawo ƒe ɖe ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ, eye maɖu nunana kɔkɔe la ƒe ɖeke o, negbe ɖeko wòale tsi hafi.


Nunɔla nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, emegbe hafi wòkpɔ mɔ ava asaɖa la me: gake nunɔla ŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite