Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 11:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Esiawo nye nusiwo miatsɔ agblẽ ka ɖo na mia ɖokui. Amesiame, si de asi woƒe kukua ŋu la, eŋu meka o vaseɖe fiẽ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 “ ‘Ame sia ame si aka asi woƒe kukua ŋu la ŋu makɔ o va se ɖe fiẽ,

Gade chapit la Kopi




3 Mose 11:24
36 Referans Kwoze  

ke ne míele kekeli me zɔm, abe alesi eya ŋutɔ le kekeli me ene la, ekema míedo ƒome kple mía nɔewo, eye Via Yesu Kristo ƒe ʋu la klɔa nuvɔ̃ katã ɖa le mía ŋuti.


ɖe wònye nenema wòle la, ekem ele nɛ be, wòakpe fu agbadre tso xexeme ƒe gɔmedzedzea me ke; gake azɔ la eɖe eɖokui fia zi ɖeka le xexeame ƒe nuwuwu, bena wòaɖe nuvɔ̃wo ɖa to eɖokuitsɔtsɔ savɔe me.


Ne mia kple Kristo mieku na xexe sia me ƒe gɔmedzenuwo la, ekema nukaŋuti miena wogale se dem na mi abe ɖe miegale agbe le xexeame ene bena:


eye migade ha kple viviti me dɔwɔwɔ, siwo metsea ku o la o, ke mihe nya ɖe wo ŋu boŋ.


Eyaŋuti mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi,


Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.


Ke Yehowa Zebaot gblɔ ɖe to me nam be: Womatsɔ vodada sia ake mi akpɔ o, vaseɖe esime miaku! Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, ye gblɔe!


Esiawo nye lã makɔmakɔwo na mi le lã suewo katã dome; amesi ade asi woƒe kukua ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Migaɖu woƒe lã o, eye migade asi woƒe kuku hã ŋu o, elabena nu makɔmakɔwo woanye na mi.


Ke nu dzodzoe bubu, siwo katã gɔme afɔ ene le la, ŋunyɔnu woanye na mi.


Amesiame, si atso wo dometɔa ɖe ƒe kukua la, nanyã eƒe avɔwo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Ne Aron viwo dometɔa ɖe dze anyi alo le atu ɖɔm la, mekpɔ mɔ aɖu nunana kɔkɔe la ɖeke o, vaseɖe esime eŋu nakɔ hafi. Ne amea ɖe ka asi amesi gblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku ŋu, alo amesi nyẽ tsi ŋuti,


Alo ne amea ɖe de asi nu makɔmakɔa ɖe ŋu, eɖanye gbemelã, aƒemelã alo nutata makɔmakɔa ɖe ƒe kuku ŋu o, eye menyae o la, ekema egblẽ ko ɖo, eye wòɖi fɔ.


Ne amea ɖe de asi nu makɔmakɔa ɖe ŋu, eɖanye amea ɖe ƒe nu makɔmakɔ, lã makɔmakɔ alo ŋunyɔnu makɔmakɔa ɖe ŋu o, eye woɖu akpedavɔsa, si nye Yehowa tɔ ƒe ɖe la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.


Ŋkeke alesi xɔ la gale tutu ko, hafi amea ɖe ge ɖe eme la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Amesi ka asi eƒe aba ŋu la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu meka o vaseɖe fiẽ.


Amesi no nusi dzi afuɖɔla no la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu meka o vaseɖe fiẽ,


eye amesi de asi afuɖɔla ŋu la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Ne afuɖɔla ɖe ta ɖe amea ɖe, si ŋu ko ŋu la, ekema ame la nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Ne amea ɖe de asi nusianu, si dzi wono ŋu la, eŋu meka o vaseɖe fiẽ, eye amesi atsɔ nua la, nanyã eƒe avawo, eye wòale tsi, eye eŋu meka o vaseɖe fiẽ.


Ne afuɖɔla meklɔ asi hafi de asi amea ɖe ŋu o la, ekema ame la nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


eye nunɔla la nawɔ wo ŋu dɔ; wòatsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔe, eye wòatsɔ evelia asa numevɔe. Ale nunɔla la alé avu nɛ le Yehowa ŋku me le eƒe afu la ta.


Amesiame, si ɖe asi eƒe aba ŋu la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ;


eye amesiame, si ɖe asi nusi dzi wònɔ ŋu la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Ne nane le eƒe aba alo nunɔdzi dzi, eye amea ɖe de asi eŋu la, ekema ame la ŋu meka o vaseɖe fiẽ.


Amesiame, si ɖe asi nusiawo ŋu la, eŋu mekɔ o, wòanya eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Amesi kplɔ gbɔ̃tsu la ɖo ɖe Asasel gbɔ la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, emegbe hafi wòkpɔ mɔ ava asaɖa la me.


Amesi tɔ dzo wo la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, emegbe hafi wòkpɔ mɔ ava asaɖa la me.


alo amea ɖe ka asi nu gbagbea ɖe, si ŋu mekɔ o la ŋuti, alo ka asi amea ɖe, si ŋu mekɔ o, alo nu makɔmakɔ bubua ɖe ŋuti la,


amesi ka asi nusiawo ƒe ɖe ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ, eye maɖu nunana kɔkɔe la ƒe ɖeke o, negbe ɖeko wòale tsi hafi.


Nunɔla nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, emegbe hafi wòkpɔ mɔ ava asaɖa la me: gake nunɔla ŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite