Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 11:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ke lã, siwo katã ŋu adza kple tsro mele o, le ƒuwo kple tɔsisiwo me, kple nusiwo katã ʋãna le towo me, kpakple tɔmenu gbagbewo katã la, ŋunyɔnu woanye na mi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Ke lã siwo katã le atsiaƒu me alo tɔ me esiwo ŋu adza alo tsro mele o, woɖale lã siwo katã ƒua tsi dome alo nu gbagbe bubu siwo katã le tɔ me dome o, wonye ŋunyɔnu na mi.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 11:10
10 Referans Kwoze  

Nu madzɔmadzɔ wɔla enye ŋunyɔ na ame dzɔdzɔewo, eye amesi ƒe zɔzɔme to mɔ ɖeka la, enye ŋunyɔ na ame vɔ̃ɖi.


Eye ne amea ɖe aɖu eƒe akpedavɔsalã le ŋkeke etɔ̃agbe la, womagaxɔe nɛ o, eye womabui na amesi sa vɔ la o; lã makɔmakɔ wòanye, eye amesi aɖu eƒe ɖe la, fɔɖiɖi la anɔ edzi.


Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, azu emegbegblẽ.


Megaɖu ŋunyɔnua ɖeke o.


Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia.


Tete Mawu gblɔ bena: Nu gbagbewo neƒu tsi le tsia me, eye xe dzodzoewo nedzo le ya me le dziƒolilia ƒe ŋku me.


Tɔmelã, siwo katã miekpɔ mɔ aɖu la wonye, esiwo ŋu adza kple tsrowo le, le ƒuwo kple tɔsisiwo me.


Ŋunyɔnu woanye na mi, migaɖu woƒe lã o, eye woƒe kukua nanyɔ ŋu na mi.


ke esiwo katã ŋu adza kple tsro mele o la, miekpɔ mɔ aɖu wo o; ŋunyɔnu wonye na mi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite