Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 10:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ne mia kple viwòŋutsuawo miele Mawu ƒe agbadɔ la me yi ge la, migano wein alo aha muamea ɖeke o, bena miagaku o. Ɖoɖo mava wòanye na miaƒe dzidzimeviwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 “Wò kple viwò ŋutsuwo, migano wain alo aha muame aɖeke ne miele Mawu ƒe Agbadɔ me yi ge o. Ne mienoe la, miaku. Esia nye ɖoɖo mavɔ hena dzidzime siwo gbɔna.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 10:9
17 Referans Kwoze  

Elabena anye gã le Aƒetɔ la ŋku me, eye mele wein alo aha sesẽ no ge o, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe ayɔe fũ tso keke dadaa ƒe dɔ me ke.


menye ahatsunola o, menye ameƒola o, ke ame fatu; menye gedila o, menye galɔ̃la o,


Elabena ele na dzikpɔla bena, wòanye mokaka manɔŋutɔ, abe Mawu ƒe xɔnuvi ene; Wòaganye ɖokuiŋudzela o, wòaganye dɔmedzoetɔ o, wòaganye aha geɖe nola o, wòaganye ameƒola o, wòagaɖi viɖe ƒoɖi o;


Eye migamu aha, esi me nu baɖabaɖa wɔwɔ le la o; ke boŋ Gbɔgbɔ la nayɔ mi fũ,


Nunɔlaa ɖeke megano wein, ne ele xɔxɔnu metɔ yi ge o.


Ke wein le ya mum amesiawo hã, eye aha muame na wole yiyim sagãsagã. Aha muame le ya mum nunɔla kple nyagblɔɖila, wein toto ta me na wo, eye aha muame na wole yiyim sagãsagã; wole ya mum le nyagblɔɖi gbɔ, eye wole yiyim sagãsagã le afiatsotso gbɔ.


Nenema ke subɔlawo hã nalé wo ɖokui nyuie: Wòaganye aɖeveetɔwo o, wòaganye aha geɖe nolawo o, wòagaɖi viɖe ƒoɖi o,


ekema mano wein alo nu muamea ɖeke o, eye mano wein alo nu muame, si wotsɔ ɖo ƒãe la o, mano weintsetse me tsi o, manyi weintsetse o, eye maɖu weintsetse ƒuƒu hã o.


Megano tsi ɖeɖe o, ke boŋ no wein via ɖe le wò dɔgbo kple lãmegbegblẽ enuenu la ŋuti.


Amatrewɔwɔ, wein kple aha yeye ɖe wòɖoa lã ame.


Fewuɖula enye wein, eye zidola enye aha muame, amesi wòmu la, madze nunya o.


Eye nunɔla nanyè wo le Yehowa ŋku me, nu kɔkɔewo wonye hena nunɔla la kpe ɖe akɔ, si wonye kple ata, si nye adzɔ la ŋu. Emegbe amesi ɖe adzɔgbe hekɔ eɖokui ŋu la, kpɔ mo ano wein.


Ɖoɖo mavɔ wòanye na miaƒe dzidzimeviwo le mia nɔƒewo katã. Miekpɔ mɔ aɖu lã ƒe ami alo ʋua ɖeke o.


Eye Yehowa gblɔ na Aron bena:


le Mawu ƒe agbadɔ la me, le xɔmetsovɔ, si xe nubablaɖaka ŋku me la ŋgɔ, eye Aron kple viaŋutsuwo nadzrae ɖo, bena wòanɔ bibim le Yehowa ƒe ŋku me tso fiẽ vaseɖe ŋdi. Esia anye ɖoɖo na Israel-viwo kple woƒe dzidzimeviwo tegbee.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite