Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 10:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ke wò ŋuta, viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo miaɖu lã la ƒe akɔ, si wonye kple ata, si nye adzɔ la, le teƒe dzadzɛ la, elabena wò ŋutɔ kple viwòŋutsuawo ƒe gome wònye tso Israel-viwo ƒe akpedavɔsawo me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Ke miate ŋu aɖu lã la ƒe akɔ kple ata si wonye le yame le Yehowa ŋkume abe nu si wotsɔ nɛ ƒe dzesi ene la, le teƒe kɔkɔe ɖe sia ɖe. Wò kple viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo ƒe nuɖuɖue. Eyae nye mia tɔ le Israelviwo ƒe akpedavɔsawo me.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 10:14
10 Referans Kwoze  

bena woanyè la, na wò, wò ŋutɔ, viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo tɔ woanye; amesiame, si ŋu ko le aƒewò me la kpɔ mɔ aɖui, ɖoɖo mavɔ wòanye.


Yesu gblɔ na wo bena: Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dom ɖa la ƒe lɔlɔ̃anu, eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.


Ke Aron nyè akɔwo kple ɖusitawo le Yehowa ƒe ŋku me, abe alesi Mose de se ene.


Ale woaɖu nusi wotsɔ ɖe nuvɔ̃ ɖa hafi ɖo wo, eye wowɔ wo kɔkɔe la; ke ame bubua ɖeke mekpɔ mɔ aɖui o, elabena nu kɔkɔe ye.


Teƒe kokoe la miaɖui le; wò ŋutɔ kple viwòŋutsuawo ƒe gome wònye tso Yehowa ƒe dzovɔsa la me; elabena nenema wode se nam.


Israel-viwo ƒe nunana kɔkɔe, siwo katã anye adzɔ na nunɔla la, nanye etɔ.


Eye wògblɔ nam be: Xɔvi, siwo le anyiehe gome, kple xɔvi, siwo le dziehe gome le teƒe, si ŋu wòtɔ kpɔ ɖo la ŋgɔdze la, xɔvi kɔkɔewo wonye, afisi nunɔla, siwo kpɔ mɔ ate ɖe Yehowa ŋu la, aɖu nu kɔkɔetɔwo le; afima woatsɔ nu kɔkɔetɔ, siwo nye nuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖivɔsa ada ɖo, elabena teƒe kɔkɔe ye.


Ke ne nunɔla ƒe vinyɔnu zu ahosi, alo wogbee, eye vi mele esi o, eye wòtrɔ va le fofoa ƒe me, abe alesi wònɔe le eƒe ɖetugbime ene la, ekpa mo aɖu fofoa ƒe nuɖuɖu la, ɖeko to bubu me toa ɖeke mekpɔ mɔ aɖui o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite