Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 10:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye Mose gblɔ na Aron kple Eleazar kpakple Itamar, viaŋutsu, siwo susɔ ɖi bena: Mitso nuɖuvɔsa, si susɔ tso Yehowa ƒe dzovɔsa me la, eye miaɖui maʋamaʋãe le vɔsamlekpui la gbɔ, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wonye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Mose gblɔ na Aron kple Via ŋutsu eve siwo susɔ, Eleaza kple Itamar be, “Mitsɔ nuɖuvɔsa si susɔ esi woɖe wɔ asiʋlo ɖeka le eŋu na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi; miakpɔ egbɔ be amɔʋãtike mele eme o, eye miaɖui le vɔsamlekpui la gbɔ. Vɔsa sia nye nu kɔkɔe,

Gade chapit la Kopi




3 Mose 10:12
14 Referans Kwoze  

Ke ekpɔ mɔ aɖu eƒe Mawu ƒe nuɖuɖu kɔkɔe la, kple esi le kɔkɔe ƒo wo katã ta la.


Woaɖu nuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖivɔsa, eye nusiwo katã wodo busui le Israel la, nanye wo tɔ.


Nuɖuvɔsa, siwo katã woƒona ɖe kpo me, woɖana le ze me alo wotɔna le agba me la, nanye nunɔla, si tsɔe sa vɔe la tɔ.


eye natsɔ wɔ memee aƒo abolo maʋamaʋà kple aboŋgo maʋamaʋã, eye natɔ tatali maʋamaʋã akɔ ami ɖe dzi.


Eye Aron ɖe Eliseba, Aminadab vinyɔnu, amesi nye Naxason nɔvinyɔnu, eye wòdzi Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar nɛ.


Teƒe kokoe la miaɖui le; wò ŋutɔ kple viwòŋutsuawo ƒe gome wònye tso Yehowa ƒe dzovɔsa la me; elabena nenema wode se nam.


Aron viŋutsuwo ƒe ŋkɔwo nye si: Eƒe ŋgɔgbevi Nadab, eyome Abihu, Eleazar kple Itamar.


Ale woaɖu nusi wotsɔ ɖe nuvɔ̃ ɖa hafi ɖo wo, eye wowɔ wo kɔkɔe la; ke ame bubua ɖeke mekpɔ mɔ aɖui o, elabena nu kɔkɔe ye.


Woanye Aron kple viaŋutsuawo to, eye woaɖui le teƒe kɔkɔe la, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye nɛ tso Yehowa ƒe vɔsa la me; ɖoɖo mavɔ wòanye.


Eye wotsɔ Kore, Yimna vi, si nye Lewi-vi, eye wònye agbonudzɔla le ɣedzeƒekpa dzi la, ɖo nusiwo wona faa la nu, ne woatsɔ Yehowa ƒe nudzɔdzɔwo kple nu kɔkɔeawo nɛ.


amesi nye Abisua vi, amesi nye Pinexas vi, amesi nye Eleazar vi, amesi nye nunɔlawo ƒe tatɔ, Aron vi la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite