Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 10:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye miafia ɖoɖo, siwo katã Yehowa ɖo to Mose dzi la, Israel-viwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 eye miafia Israelviwo se siwo katã Yehowa de na mi to Mose dzi la ameawo.”

Gade chapit la Kopi




3 Mose 10:11
16 Referans Kwoze  

miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Elabena nunɔla ƒe nuyiwo nedzra sidzedze ɖo, eye woadi nufiame le eƒe nu me; elabena Yehowa Zebaot ƒe ame dɔdɔ wònye.


Woxlẽ Mawu ƒe segbalẽ la eme kɔ, eye woɖe eme, ale be wose nusi woxlẽ la gɔme.


Tete nunɔla Ezra tsɔ se la va ameha la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa kpakple amesiame, si ale ŋu ase egɔme la ŋku me le dzinu adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi.


Tete wogblɔ bena: Mina míaɖo nugbe ɖe Yeremya ŋu; elabena nufiame mabu ɖe nunɔlawo o, adaŋudede mabu ɖe nunyalawo loo, alo nya nabu ɖe nyagblɔɖilawo o. Eyata mina míatsɔ aɖe aƒo Yeremya, eye míagalé to ɖe eƒe nyawo katã ŋu o.


Kpɔ ɖokuiwò dzi le anyidɔwo ŋu, eye nale nusiwo katã nunɔla, amesiwo nye Lewitɔwo, afia wò la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi pɛpɛpɛ. Lé nusiwo ŋu mede se le na wò la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi.


elabena mienya se, siwo miede na mi to Aƒetɔ Yesu dzi.


Elabena nyemegbe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo blibo la katã gbɔgblɔ fia mi o.


Woawoe fiaa wò ɖoɖowo Yakob kple wò se la Israel; woawoe tsɔa dzudzɔdonu ɖoa wò ŋɔti nu, eye wotsɔa vɔsa blibo ɖoa wò vɔsamlekpui la dzi.


Nunɔlawo megblɔ be. Afika Yehowa le hã o. Amesiwo si me se la le la, menyam o, eye lãkplɔviwo dze aglã ɖe ŋunye, nyagblɔɖilawo gblɔ nya ɖi le Baal ƒe ŋkɔ me, eye wodze nusiwo mele ɖeke me o la yome.


Eye Xizkiya ƒo nu kple Lewi-vi, siwo katã nya mɔnu le Yehowa ƒe subɔsubɔ ŋu la, xɔlɔ̃tɔe, eye woɖu ŋkekenyuie-vɔsalã la ŋkeke adre, wosa akpedavɔ, eye woʋu go wo ɖokui na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la.


Wotso Yehowa ƒe segbalẽ la ɖe asi, eye wofia nu le Yuda, wotsa le Yuda-duwo katã me, eye wofia nu dukɔ la.


Emegbe natso afia, abe alesi wogblɔ na wò le teƒe, si Yehowa atia la ene; eye nawɔ nusiwo katã wotia wò la pɛpɛpɛ.


Wɔ nusiwo wofia wò kple afiatsonya, siwo wogblɔ na wò la dzi, eye megadze ɖe ɖusi alo mia me le afiatsonya, siwo wogblɔ na wò la me o.


Ŋkeke nanewo va yi, le esiwo me Mawu vava la kple nunɔlawo, siwo nye nufialawo, kpakple sea ɖeke mena Israel si o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite