Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 10:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Miade vovo nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo, nu madzɔmadzɔwo kple nu dzadzɛwo dome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Wò dɔdeasiwo anye be mialé avu ɖe amewo nu, miafia vovototo siwo le nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo, nu siwo dza kple nu siwo medza o la dome,

Gade chapit la Kopi




3 Mose 10:10
9 Referans Kwoze  

Eƒe nunɔlawo toa vo ɖe nye se la ŋu, eye wogblẽa kɔ ɖo na nye kɔkɔeƒe la; womedea vovo nu kɔkɔe kple nu makɔmakɔ dome o, eye womefiaa vovototo, si le nu dzadzɛ kple nu madzamadza dome o, wotsyɔa nu ŋku me ɖe nye dzudzɔgbewo, eye wogblẽa kɔ ɖo nam le wo dome.


bena woade vovo nu makɔmakɔ kple nu kokoe dome, eye woade vovo lã, si woaɖu kple esi womaɖu o la dome.


Nuwo katã le dzadzɛ na ame dzadzɛwo; ke ame ƒoɖiwo kple dzimaxɔsetɔwo la, naneke mele dzadzɛ na wo o, ke boŋ woƒe tame kple woƒe dzitsinya siaa ƒo ɖi.


Woafia vovo, si le nu kɔkɔe kple nu makɔmakɔ dome, kpakple vovo, si le nu madzamadza kple nu dzadzɛ dome la, nye dukɔ.


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Ne ètrɔ ɖe ŋunye la, matrɔ ɖe ŋuwò, eye atsi tre ɖe ŋkunye me. Eye ne eɖe nu nyuiwo ɖe go, menye gbegblẽawo o la, ekema anye nye nu; woawo atrɔ ɖe ŋuwò, ke wòa matrɔ ɖe wo ŋu o.


Eye ne nunɔla la kpɔ bena, nusi ƒo ɖe eƒe dzodome alo ŋgonu la, le ɣie de dzẽ wɔ ge, abe alesi anyi ƒona ɖe ame ŋutii ene la,


bena wòanya nusi ŋu mekɔ o kple nusi ŋu ko. Esia nye se le anyi ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite