Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Yohanes 1:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bene miagabu dɔ, siwo miewɔ la o, ke boŋ fetu blibo nasu mia si.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Mikpɔ nyuie be nu si ŋu miedze agbagba le la nagage le mia si o, ke boŋ miaxɔ fetu si de blibo.

Gade chapit la Kopi




2 Yohanes 1:8
20 Referans Kwoze  

Eyata migatsɔ miaƒe dzideƒo, si teƒeɖoɖofetu gã li na la, ƒu gbe o.


Kpɔ da, megbɔna kaba; lé nusi le asiwò me la, ɖe asi sesĩe, bena amea ɖeke nagaxɔ wò fiakuku la o.


Ne amea ɖe ƒe dɔwɔwɔ, si wòtu ɖe edzi la, tsi anyi la, axa fetu.


Ke amesi le nu ɖom kple amesi le tsi demi la, wo kpakple eve le ɖeka, hafi amesiame axɔ ye ŋutɔ ƒe fetu le ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ la nu.


Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagade megbe tso Mawu ƒe amenuveve la gbɔ o, bena veve ƒe ke nagamie aɖe fu na mi, eye wòaƒo ɖi ame geɖe o,


Ke miawo la mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo; eye míatsi tre ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ŋku me le tanye, be wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


Ɖe míekpe fu geɖe siawo dzodzroa? Neganye dzodzroe hã.


Amesi ŋea nu la, kpɔa fetu, eye wòƒoa kutsetse nu ƒu ɖe agbe mavɔ me, bena amesi ƒã nu kple amesi ŋe nu la, siaa nakpɔ dzidzɔ.


Mele vɔvɔ̃m ɖe mia nu bena, misela medze agbagba dzodzro ɖe mia ta mahĩ?


Eye wògblɔ bena: Mikpɔ nyuie, bena woagaflu mi o! Elabena ame geɖewo lava le nye ŋkɔ la dzi agblɔ bena: Nyee nye esi, eye azãgbe la ɖo vɔ! Migadze wo yome o.


Ke miɖo ŋu tsã ŋkeke, siwo me miedo dzi le heʋli geɖe le fukpekpewo me, le esime woklẽ ɖe mia me megbe la;


Gake nusi dzi miesu xoxo la, minɛ míazɔ ɖe mo ma ke nu, eye míaƒe tamesusu nana ɖeka.


Ke miawo la mikpɔ nyuie! Kpɔ ɖa, megblɔ nuwo katã ɖi na mi!


Yesu ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagaflu mi o.


Nunyalawo aklẽ abe dziŋgɔli ƒe keklẽ ene, eye amesiwo fia dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ nu ame geɖewo la, abe dzinuviwo ene ɖaa tegbee.


Wo katã megbe la eɖe eɖokui fia nye hã abe fu gegee ene.


Eye wògblɔ na eya hã bena: Wò hã ànɔ du atɔ̃ dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite