Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Timoteo 4:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋuti, eye woatrɔ ayi gliwo gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Womaɖo to nu si nyateƒe la le fiafiam o, ke boŋ woadze woawo ŋutɔ ƒe susu tatrawo yome dzidzɔtɔe.

Gade chapit la Kopi




2 Timoteo 4:4
13 Referans Kwoze  

Ke wogbe toɖoɖo, wolia ʋume kpakoo, eye wote nu ɖe to me, be yewomagase nu o.


eye bena womagaɖo to gliwo kple dzidzimenya, siwo seƒeɖo meli na o, elabena nusiawo hea anukutsyɔtsyɔ geɖewo vɛ wu nusi Mawu ƒe nuɖoanyi le xɔse me la ɖina la, nenema ke megale nu xlɔ̃m wò fifia hã.


Elabena menye gli, siwo wokpa kple aɖaŋu la, yome míedze, esime miena mienya mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava la o; ke boŋ míenye eƒe gãnyenye, si míekpɔ kple ŋku la, ƒe ɖaseɖilawo.


Ke nagbe yakagli makɔmakɔ, siwo nyagãwo tona; boŋ do vevie mawusosroɖa.


eye ɖaseɖilawo da woƒe awuwo ɖe ɖekakpuia ɖe, si woyɔna be Saul la ƒe afɔ nu.


bene womagaɖo to Yudatɔwo ƒe gliwo kple amesiwo trɔ tso nyateƒe gbɔ la ƒe sededeawo o.


Enya esia bena, amesiwo katã le Asia la trɔ dzo le yonyeme, amesiwo dome Figelo kple Hermogene wole.


Oo, Timoteo! Dzra nusi wode asi na wò la ɖo; gbe dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo kple aʋatsosidzedze ƒe nudadafiafia,


Elabena gegemewo ƒe godzedze wua woawo ŋutɔwo, eye bometsilawo ƒe anyinɔnɔ bɔkɔɔ tsrɔ̃a wo.


Amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã! Amen.


amesiwo gblɔ na nukpɔlawo be: Migakpɔ nu o, eye wogblɔ na nyagblɔɖilawo be: Migagblɔ nya, si le eteƒe la, ɖi na mí o, ke boŋ migblɔ nya ŋɔnɔewo na mi, eye migblɔ alakpanyawo ɖi!


elabena dukɔ sia ƒe dzi ku atri, eye woƒe towo sẽ, eye womiã woƒe ŋkuwo, bena woagakpɔ nu kple ŋkuwo o, eye woagase nu kple towo o, eye woagase nu gɔme kple dzi, ne woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.“


Eye le esia ta Mawu adɔ beble, si nu sẽ la, aɖo ɖe wo gbɔ, bene woaxɔ aʋatsokaka dzi ase,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite