Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Timoteo 4:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ɖe gbe ƒã nya la, nɔ edzi, vovoɣi li alo vovoɣi meli o, ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔɖeanyi kple nufiafia katã me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 nàɖe gbeƒã Mawu ƒe nya la kple vevidodo nu ɣeawo katã ɣi, ɣe sia ɣi si nàkpɔ mɔnu ko, vovo li o, vovo meli o. Fia mɔ nyuitɔwo, eye nàka mo na wò amewo ne ehiã. Do ŋusẽ wo be woawɔ nu si dze, eye nàtsɔ Mawu ƒe nya anyi wo kple dzigbɔɖi ɣe sia ɣi.

Gade chapit la Kopi




2 Timoteo 4:2
36 Referans Kwoze  

Ke míele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo: Migbe nya na nu baɖa wɔlawo, mifa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo, mixɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, migbɔ dzi ɖi na amewo katã.


Gblɔ nusiawo, eye naxlɔ̃ nu, eye naka mo kple ŋusẽ katã! Megana amea ɖeke nado vlo wò o!


Nɔ agbalẽxexlẽ kple nuxɔxlɔ̃ kple nufiafia dzi, halase esime mava.


Nye la, ame geɖe alesi nu melɔ̃na la, mekaa ŋku me na, eye mehea to na; eyata ɖo vevie, be natrɔ le wò dzi me?


Ɖaseɖiɖi sia nye nyateƒe; le esia ta ka mo na wo vevie, bene woanɔ blibo le xɔse me,


Eyata ne amea ɖe klɔ eɖokui keŋ tso nu mawo me la, anye goe, si ŋu bubu le, si ŋuti kɔ, si nyo na aƒeatɔ ƒe ŋuɖɔwɔwɔ, si wodzra ɖo ɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.


Ke amesi wofiã nui le nya me la, nade ha kple amesi le nu fiam la, le nu nyuiwo katã me.


Dzi nedzo mi le mɔkpɔkpɔ me, mido dzi le xaxa me, minɔ gbedodoɖa dzi ɖaasi!


Ke wò la èdze nye nufiafia, nye agbenɔnɔ, nye tameɖoɖo, nye xɔse, nye dzigbɔgbɔ blewu, nye lɔlɔ̃, nye dzidodo,


Amesiwo wɔ nuvɔ̃ la, ka mo na wo le amewo katã ŋku me, bene mamleawo hã navɔ̃.


esi ƒe subɔla mezu le Mawu ƒe xɔnuvinyenye, si wonam le mia ta la nu, bena mawu mawunya ƒe do la nu:


Ke aleke woaɖe gbe ƒã, ne womeɖo wo ɖa hafi o mahã? Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Nyagblɔla, siwo gblɔa ŋutifafanya kple nyanyuie la ƒe afɔwo nyo loo!“


Tso, nayi Niniwe, ɖu gã la me, eye naɖe gbe ƒã nya, si gblɔ ge mala na wò la nɛ.


Eye le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, esi mieƒo ƒu, be míaŋe abolo la, Paulo gblɔ nya na wo; eye wòdidi nya la ɖe edzi vaseɖe zãtitina, elabena edi be, ne ŋu ke la, yeadze mɔ.


Eye le Sabat-ŋkeke dzi la mieɖo go tso dua me yi ɖe tɔ nu, afisi míesusu bena, enye woƒe gbedoɖaƒe: eye esi míebɔbɔ nɔ anyi la, mieƒo nu na nyɔnu, siwo va ƒo ƒu ɖi.


Ke egblɔ ne bena: Na ame kukuawo naɖi woa ŋutɔwo ƒe kukuawo; ke wò la yi ɖagblɔ mawufiaɖuƒe la fia.


Eye woawo la, esi wova Yesu gbɔ la, woɖe kuku nɛ vevie gblɔ bena: Edzee be, nawɔ esia nɛ;


Migado vlo nyagbɔgblɔɖiwo o!


Eye Woayra amesi mekpɔ nuɖiaɖia le ŋutinye o.


Nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔ enye nye dzidzɔ, eye wò se la le nye dzi me.


amesi gbea nya le dzigbɔɖeanyi me na amesiwo tsia tre ɖe mawunya ŋu, ɖewo Mawu ana dzimetɔtrɔ wo, bene woadze si nyateƒe la,


Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena miaxɔ nuxlɔ̃menya la; elabena nya via ɖewo koe meŋlɔ ɖo ɖe mi.


Eye esi mieva Roma la, aʋafia la tsɔ gatɔwo de aʋafia gã la si; ke woɖe mɔ na Paulo bena, woanɔ etɔwo gbɔ kple asrafo, si dzaa eŋu.


Eye esi woɖo Salami la, wogblɔ mawunya la fia le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo me; eye Yohanes hã le wo ŋu abe woƒe subɔla ene.


eye mido gbe ɖa ɖe miawo hã mía ta, bene Mawu naʋu nya la ƒe ʋɔtru na mí, ne míagblɔ Kristo ƒe nya ɣaɣla, si ŋuti woblam ɖo hã,


Eye miawo miezu míawo kple Aƒetɔ la srɔ̃lawo, esi miexɔ nya la le xaxa geɖe me kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe dzidzɔ,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite