Ke boŋ mitsi le mia Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo ƒe amenuveve kple sidzedze la me. Eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe la tso azɔ yiɖase mavɔmavɔ ƒe ŋkeke la dzi! Amen.
Lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu vevie ko; lé se, siwo katã nye ɖɔla Mose de na wò la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi, megadze ɖe ɖusi alo mia me o, me wòadze dzi na wò le afisiafi, si nayi.