Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Timoteo 1:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Aƒetɔ la nakpɔ nublanui na Onesiforo ƒe aƒe la; elabena ena nye dzi gbɔ ɖe eme enuenu, eye ŋu mekpenɛ le nye kɔsɔkɔsɔwo ŋuti o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Aƒetɔ la nayra Onesiforo kple eƒe aƒe blibo la, elabena eva kpɔam ɖa, eye wòdea dzi ƒo nam enuenu. Eƒe kpɔkpɔɖa gbɔa agbem abe ya fafɛ nyui ene, eye nye gaxɔmenɔnɔ menye ŋukpe nɛ o.

Gade chapit la Kopi




2 Timoteo 1:16
27 Referans Kwoze  

Ɖuɖɔ Priska kple Akwila kpakple Onesiforo ƒe aƒe la nam ƒã.


Ẽ, nɔvi, na nye la makpɔ viɖe tso gbɔwò le Aƒetɔ la me; na nye dzi nagbɔ ɖe eme le Kristo me!


Elabena, nɔvi, miekpɔ dzidzɔ geɖe kple akɔfafa le wò lɔlɔ̃ la ŋuti, le esi ame kɔkɔewo ƒe dziwo kpɔ gbɔɖeme to dziwò la ta.


esi ŋuti menye ame dɔdɔ le kɔsɔkɔsɔ me, bene dzi nado ƒonye le eme, abe alesi wòdzem be, maƒo nu ene.


Le nya sia ta meyɔ mi vɛ, bena makpɔ mi, eye ne maƒo nu kpli mi; elabena Israel ƒe mɔkpɔkpɔ ta wòbiam kple kɔsɔkɔsɔ sia ɖo.


Elabena gatɔwo hã ƒe nu wɔ nublanui na mi, eye miedo dzi kple dzidzɔ le mia ŋutinuwo haha me, esi mienya bena, ŋutinu, siwo nyo wu, eye wonɔa anyi ɖaa la, li na mi le dziƒo.


Elabena Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lalã, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm lã be o.


Aƒetɔ la naɖi nɛ, be wòakpɔ nublanuikpɔkpɔ le Aƒetɔ la gbɔ le ŋkeke ma dzi; eye subɔsubɔdɔ geɖe, siwo wòwɔ le Efeso la, wò la ènyae petepete.


Eyata ŋu nagakpe wò le mia Aƒetɔ ƒe ɖaseɖiɖi kple nye, amesi nye eƒe gatɔ la ŋuti o; ke boŋ kpe fu kple nyanyuie la le Mawu ƒe ŋusẽ la nu,


Elabena wona mia kple miaƒe gbɔgbɔ la gbɔ ɖe eme; eyata midze si nenem me siawo.


Woayra amesiwo le nublanui kpam na amewo la: elabena woawoe woakpɔ nublanui na.


Evea ame nu ɣesiaɣi, eye wòdoa nugbana, eye viawo zua yayra.


Ale Yehowa ɖo eteƒe nam le nye dzɔdzɔenyenye kple nye asi dzadzɛ, siwo le eŋku me la ta.


kple ɖoɖowo ɖe nakenana ɖe ɣeyiɣi dzi ŋu kpakple ɖe nu gbãtɔwo. Nye Mawu, ɖo ŋku edzi nam hena nye nyui.


Eye megblɔ na Lewi-viwo be, woakɔ wu ɖokui ŋu, eye woava dzɔ agboawo nu, ne woawo dzudzɔgbe la kɔkɔe. Nye Mawu, ɖo ŋu esia hã nam, eye nakpɔ tanye le wò amenuveve gã la nu!


Nye Mawu, ɖo ŋui nam, eye megana nye lɔlɔ̃dɔ, si mewɔ ɖe nye Mawu ƒe aƒe kple eƒe subɔsubɔhawo ŋu la nu natsi o!


Nye Mawu, edo ŋku nusiwo katã mewɔ na dukɔ la dzi nam hena nye nyui.


Tete Naomi gblɔ na lɔ̃xoa eveawo bena: Mitrɔ, eye mia dome amesiame negbugbɔ yi dadaa ƒe me! Yehowa ave mia nu, abe alesi mieve mía kple ame kukuawo nui ene!


Eyata Yehowa ave mia nu, eye wòaɖi anukware na mi, eye nye hã mawɔ nyui sia tɔgbe na mi, le esi miewɔ nusia la.


Tete aʋafia gã la te ɖe wo ŋu, eve wòlée, eye wòde se be, woablae kple kɔsɔkɔsɔ eve; eye wòbia amesi wònye kple nusi wòwɔ.


nusi ta mekpe nusiawo ƒe fu hã ɖo, ke ŋu mekpem o: elabena menya amesi dzi mexɔ se, eye menyae pete bena, ŋusẽ le esi wòate ŋu adzra nusi wode asi nam la ɖo hena ŋkeke ma.


ke boŋ, esime wòva Roma la, edim vevie ŋuta, eye wòkpɔm.


Yehowa be: Ke maɖe wò le ɣemaɣi, eye womatsɔ wò ade asi na amesiwo le ŋɔ dzim na wò la o;


Nenema ke amesi xɔ eve la, ɖe vi eve ɖe wo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite