Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Timoteo 1:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 nusi ta mekpe nusiawo ƒe fu hã ɖo, ke ŋu mekpem o: elabena menya amesi dzi mexɔ se, eye menyae pete bena, ŋusẽ le esi wòate ŋu adzra nusi wode asi nam la ɖo hena ŋkeke ma.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Eya tae mele fu kpem le afi sia le gaxɔ me ɖo. Nu sia menye ŋukpe nam kura o, elabena menya ame si ŋu meɖo ŋu ɖo, eye meka ɖe edzi be ate ŋu adzɔ nu siwo katã metsɔ de asi nɛ la ŋu dedie va se ɖe gbe si gbe wòagava.

Gade chapit la Kopi




2 Timoteo 1:12
58 Referans Kwoze  

Eyata ŋu nagakpe wò le mia Aƒetɔ ƒe ɖaseɖiɖi kple nye, amesi nye eƒe gatɔ la ŋuti o; ke boŋ kpe fu kple nyanyuie la le Mawu ƒe ŋusẽ la nu,


Ke amesi ate ŋu alé mi ɖe asi, bena miagakli nu o, eye wòate ŋu atsɔ mi atu tsitre ɖe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋku me mokaka manɔŋui le dzidzɔ gã me;


Eyata amesiwo kpea fu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu la, natsɔ woƒe luʋɔwo ade asi na wolã nuteƒewɔla la le dɔ nyui wɔwɔ me.


Tso ekema dzi la wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe dziɖuɖukuku la ɖo ɖi nam, si Aƒetɔ, ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, lanam le ŋkeke ma dzi; ke menye nye ɖeɖekoe o, ke boŋ amesiwo katã lɔ̃ eƒe ɖeɖefia la hãe.


Eyata ate ŋu axɔ amesiwo to edzi va Mawu gbɔ la, ɖe agbe blibo keŋkeŋ, le esi wònɔa agbe ɖaa, bena wòaxɔ wo ɖe akɔ la ŋuti.


Oo, Timoteo! Dzra nusi wode asi na wò la ɖo; gbe dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo kple aʋatsosidzedze ƒe nudadafiafia,


Yehowa ƒe dɔme nyo, enye sitsoƒe le xaxagbe, eye wònya amesiwo ɖoa dzi ɖe eŋu.


Elabena nyanyuie la mekpea ŋu nam o, elabena enye Mawu ƒe ŋusẽ, si naa agbexɔxɔ amesiame, si xɔna sena la, Yudatɔwo gbã kple Helatɔwo hã.


Ke le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋuti la, amea ɖeke menyae o; mawudɔla, siwo le dziƒowo, kple Vi la hã menyae o, negbe Fofonye ɖeka ko.


amesiwo ŋu wodzo le Mawu ƒe ŋusẽ me to xɔse me hena xoxo, si su te, bene woaɖee afia le ɣeyiɣi mamletɔ dzi,


Nye Mawu, wò ŋu mele ŋu dom ɖo; megana ŋu nakpem, ne nye futɔwo natso aseye ɖe ŋunye o!


Aƒetɔ la naɖi nɛ, be wòakpɔ nublanuikpɔkpɔ le Aƒetɔ la gbɔ le ŋkeke ma dzi; eye subɔsubɔdɔ geɖe, siwo wòwɔ le Efeso la, wò la ènyae petepete.


amesi aɖuɖɔ miaƒe bɔbɔɖeanyiŋutilã ƒe nɔnɔme, bene wòaɖi eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã le eƒe ŋusesẽ, si ta wòlea ŋu tsɔa nuwo katã dea eɖokui te la nu.


Yehowa enye mɔ̃ sesẽ na hiãtɔwo, enye mɔ̃ sesẽ le xaxaɣiwo me.


Kpɔ ɖa, Mawu enye nye xɔname, dzi le ƒonye, nyemavɔ̃ o; elabena nye ŋusẽ kple nye hadzidzi enye Yehowa, ẽ, Yehowa, eye eya zu nye xɔname!


nusi ŋuti mekpe fu ɖo yiɖase bablawo me, abe nuvɔ̃wɔla ene; gake womebu mawunya la o.


bene madze si eyama kple eƒe tsitretsitsi ƒe ŋusẽ kple eƒe fukpekpewo ƒe hadede, eye masɔ kplii le eƒe ku me,


Ẽ, fifi gɔ̃ mebu wo katã nu bubu le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya, si ƒo wo katã ta la ŋuti, amesi ta meɖe asi le nusiawo katã ŋuti ɖo, eye mebu wo aɖukpo dzi nuwoe, bena nye asi nasu Kristo dzi,


ekema amesiame ƒe dɔwɔwɔ adze ƒã, elabena ŋkeke la aɖee ɖe go afia, elabena woaɖee ɖe go afia to dzo me, eye alesialesi ke amesiame ƒe dɔwɔwɔ le la, dzo la adoe akpa.


Nyemele biabiam be, naɖe wo tso xexeame o, ke boŋ bena, nadzra wo ɖo tso vɔ̃ɖitɔ la si me.


Eye dukɔwo lakpɔ mɔ na eƒe ŋkɔ.“


Megavɔ̃ o, elabena ŋu makpe wò o; wò mo megatsi da o, elabena ŋukpe malé wò o. Elabena àŋlɔ wò ɖetugbime ŋukpe be, eye màɖo ŋu wò ahosinyenye me vlododo o.


Àɖem le ɖɔ, si woɖo nam la me, elabena wòe nye nye sitsoƒe!


abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Kpɔ ɖa, meɖo nukikli ƒe kpe kple nuɖiaɖia ƒe agakpe anyi ɖe Zion, eye amesiame, si xɔa edzi sena la, womado ŋukpee o.“


ke ne amea ɖe kpe fu abe kristotɔ ene la, megakpe ŋu ne o, ke nekafu Mawu le nya sia me boŋ.


eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa: Amesi do dzi kpe atitsoga ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.


Elabena esi wòkpe fu, eye wotee kpɔ ŋuti la, ate ŋu axɔ na amesiwo wotena kpɔna.


esi wòxea mo na mí, bena míagagblɔ nya na trɔ̃subɔlawo, bene woaxɔ wo ɖe agbe o, bene woayɔ woƒe nuvɔ̃wo taŋtaŋ ɖaasi la ŋuti; ke dziku, si ava wo dzi la, yɔ taŋtaŋ.


le nye lala vevie kple mɔkpɔkpɔ la nu be, ŋu nagakpem le naneke me o, hafi boŋ metsɔa dzideƒo blibo la katã bena, alesi wònɔna ɖaa la, nenema ke wòano fifia hã, be woawɔ Kristo gã ɖe nye ŋutilã ŋuti, eɖanye agbe me alo ku me o.


Ke Paulo ɖo ŋu gblɔ bena: Nukae nye esi wɔm miele hele avi fam, eye miele nye dzi gbãm mahã? Elabena nye la medzra ɖokuinye ɖo, menye be woabiam ɖeɖeko o; ke boŋ hã be maku le Yerusalem le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la ta.


Tete Yudatɔwo de zi nyɔnu ŋkutatɔ, siwo vɔ̃a Mawu kple dumegãwo me, eye wona yometiti dzɔ ɖe Paulo kple Barnaba dzi, eye wonyã wo tso woƒe nutoawo me.


Ke Paulo kple Barnaba ƒo nu kple dzideƒo bena: Ele vevie bena, woagblɔ mawunya na mi gbã, ke esi mieɖee ɖa tso mia gbɔ, eye miebu mia ɖokui be, miedze agbe mavɔ la o la, kpɔ ɖa, mietrɔ yi trɔ̃subɔlawo gbɔ.


elabena nye la mafiae alesi wòle nɛ be, wòakpe fu geɖe le nye ŋkɔ la ŋuti.


Eye esi wòdze klo la, edo ɣli kple gbe sesẽ bena: Aƒetɔ, megado nuvɔ̃ sia teƒe na wo o! Eye esi wògblɔ esia la, eto me do alɔ̃.


Amea ɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm da lae hee vɛ o, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.


Eye esi Yesu do ɣli kple gbe sesĩe la, egblɔ bena: Fofo, asiwò me metsɔ nye gbɔgbɔ la de; ke esi wògblɔ esia la, etsɔ gbɔgbɔ la na.


Ke Aƒetɔ Yehowa kpe ɖe ŋunye, eyata ŋukpe malém o; eyata nye mo sẽ abe ahliha ene, eye menyae be, ŋu mele kpe ye ge o.


Wòe xlẽ nye sisiƒewo, eɖe nye aɖatsiwo wò goe me! Ɖe mèŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me oa?


Ke miawo, nɔviwo, miele viviti me, bena ŋkeke la naɖi ɖe mi abe fiafitɔ ene o;


Ke mele egblɔm na mi bena: Mele sesẽ ge na Sodom le ŋkeke ma dzi abe du ma ene o.


Ame geɖewo lagblɔ nam le ŋkeke ma dzi bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! Alo menye wò ŋkɔ dzi míegblɔ nya ɖe anyi le o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi mienyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe de o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi miewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le o ɖe?


amesi hã ali ke mi yiɖase nuwuwu la dzi, bene mianye ame maɖifɔwo le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi.


Dzra nu nyui, si wode asi na wò la ɖo to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si nɔa mía me la me.


Aƒetɔ la nakpɔ nublanui na Onesiforo ƒe aƒe la; elabena ena nye dzi gbɔ ɖe eme enuenu, eye ŋu mekpenɛ le nye kɔsɔkɔsɔwo ŋuti o;


Nyateƒenya wònye, eye mele ɖiɖim be, wò la naka ɖe nusiawo dzi, bena amesiwo xɔ Mawu dzi se la, nado vevie anɔ dɔ nyui wɔwɔwo dzi. Nusiawo nyo, eye wonye viɖenu na amewo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite