Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 9:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye esi Saul vi Yonatan ƒe vi Mefiboset va Dawid gbɔ la, etsyɔ mo anyi, eye wobɔbɔ. Tete Dawid gblɔ bena: Mefiboset! Etɔ bena: Wò dɔla enye si.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Esi Mefiboset, ame si nye Yonatan ƒe viŋutsu kple Saul ƒe tɔgbuiyɔvi va ɖo David gbɔ la, ede ta agu hede bubu eŋu. David yɔe be, “Mefiboset!” Mefiboset ɖo eŋu be, “Nye, wò dɔlae nye esi.”

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 9:6
12 Referans Kwoze  

Yonatan ƒe vi nye Merib-Baal, eye Merib-Baal dzi Mixa.


Yonatan vi enye Merib-Baal, eye Merib-Baal dzi Mixa.


Tete fia la gblɔ na Ziba bena: Kpɔ ɖa, Mefiboset ƒe nuwo katã nye tɔwò! Eye Ziba gblɔ be: Mede ta agu na wò! Ne nye aƒetɔ nya ve nunye ko!


Esi Abigail kpɔ Dawid la, ewɔ kaba ɖi le tedzi la dzi, eye wòde ta agu ɖe Dawid ŋku me hebɔbɔ ɖe anyigba.


Esi ŋutsuvia dzo la, tete Dawid tsi tre tso dziehe gome, eye wòde ta agu hebɔbɔ zi etɔ̃, eye woɖuɖɔ nu na wo nɔewo heta avi kple wo nɔewo, vaseɖe esime Dawid ƒe gbe sẽ wu.


Ke eya ŋuta dze wo ŋgɔ, eye wotsyɔ mo anyi zi adre, vaseɖe esime wòle tu nɔvia.


Esi wòfɔ mo te la, kasia ekpɔ ŋutsu etɔ̃ le tsitre le eŋgɔ ɖa; eye esi wòkpɔ wo ko la, eƒu du tso eƒe agbadɔ nu yi ɖakpe wo, eye wobɔbɔ tsyɔ mo anyi.


Eye ŋutsuvia ɖe le Saul vi Yonatan si, amesi ƒe ata tu. Exɔ ƒe atɔ̃, esime du tso Yezreel va le Saul kple Yonatan ŋuti; tete enyila tsɔe kpa hesii, eye esi wòle kplakplakpla dzi le sisim la, ege, eye wòtu; eŋkɔ nye Mefiboset.


Tete fia Dawid ɖo ame ɖa woaɖakplɔe vɛ tso Lo-Debar le Amiel vi Maxir ƒe me.


Esi wònyè ka kpam la, eyɔm, eye metɔ bena: Nyee nye si!


Ke fia la ve Mefiboset, Saul vi Yonatan ƒe viŋutsu la nu le Yehowa ƒe atam, si le Dawid kple Yonatan, Saul vi dome la ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite