Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 8:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye Dawid si Zoba-fia Hadadezer, Rexob vi, esi wòva be, yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Frat-tɔsisi la nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Eɖu Zoba fia Hadadezer, Rehob ƒe vi dzi le esime wòva be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Frat tɔsisi la to.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 8:3
15 Referans Kwoze  

Azɔ Israel-fiaɖuƒe la su Saul si, eye wòwɔ aʋa kple eƒe futɔwo katã: Moabitɔwo, Amon-viwo, Edomtɔwo kple Zoba-fiawo kpakple Filistitɔwo godoo va kpe, eye afisiafi, si wòɖo la, eɖua dzi.


Esi fia, siwo katã nye Hadadezer teviwo, kpɔ bena, Israel-viwo si wo la, wowɔ ŋutifafa kple Israel, eye wosubɔ wo, eye Aramtɔwo de asi vovɔ̃ me azɔ na kpekpe ɖe Amon-viwo ŋu.


Eye Hadadezer do be, woana Aramtɔ, siwo le tɔsisi la fe go keme dzi, naho; eye wova Xelam, eye Hadadezer ƒe aʋafia Sobax le wo nu.


Dawid si Zoba-fia Hadadezer le Xamat, esime wòva, be yeado eƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Frat-tɔsisi la nu.


Ke esi Amon-viwo kpo be, yewozu Dawid ƒe ketɔwo la, Amon-viwo dɔ woɖatsɔ aʋa Aramtɔwo le Bet-Rexob kple Aramtɔwo le Zoba, wole afɔzɔla akpe blave, kple Maaxa-fia ame akpe ɖeka kpakple Istobtɔwo ame akpe wuieve.


Aɖu fia tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, tso tɔsisi la nu ɖaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.


Dawid ƒe ha ɖe futamee na henɔ la, ne woafia, eye woadzi ɖe „Dzogbenya ƒe ɖaseɖiɖi“ ƒe gbe nu;


Afisiafi, si mieɖo afɔe la, azu mia to, eye miaƒe liƒo atso gbedzi kple Libanon gbɔ kpakple Frat nu vaseɖe ɣetoɖoƒe gome le ƒu la nu.


Eye mana wò liƒowo natso Avaƒu la nu vaseɖe Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, tso gbedzi vaseɖe tɔsisi la nu; elabena matsɔ anyigbadzitɔwo ade asi na wò, eye nanyã wo le dowòme.


Le ŋkeke ma dzi Yehowa bla nu kple Abram gblɔ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia, si tso Egipte-tɔsisi la nu vaseɖe Frat-tɔsisi gã la nu ana:


Esi Aramtɔwo kpɔ bena, Israel-viwo si yewo la, woƒo wo ɖokui nu ƒu.


Yigal, Natan vi, tso Zoba, Gaditɔ Bani,


Eye Salomo ho yi ɖaxɔ Xamat-Zoba.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite