Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 8:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Emegbe wòsi Moabitɔwo, eye wòna womlɔ anyigba, eye wòdzidze wo kple ka; edzidze ka eve be, woawu, eye wòdzidze ka ɖeka be, woanɔ agbe. Ale Moabitɔwo zu Dawid ƒe dɔlawo, siwo dzɔ nu nɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Eɖu Moabtɔwo hã dzi eye wòna Moabtɔwo mlɔ anyi ɖe wo nɔewo xa le fliwo me. Etsɔ dzidzeka dzidze wo eye wòma wo ɖe akpa etɔ̃ me. Ewu ameawo ƒe akpa eve, ena akpa etɔ̃lia me tɔwo zu eƒe subɔlawo eye wòna wodzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 8:2
22 Referans Kwoze  

Mele ekpɔm, gake menye fifiae o; mekpɔnɛ, gake mele kpuiƒe o. Ɣletivi ado tso Yakob me, eye fiatikplɔ ado tso Israel me; aŋe tonuƒuiwo na Moab, eye wòakaka la le amesiwo nye zi la nu.


Mawu ƒo nu le eƒe kɔkɔeƒe la be: Makpɔ dzidzɔ, mamã Sixem, eye madzidze Sukot-hali me la.


Eye Dawid ɖe amewo ɖo Aramtɔwo ƒe Damasko, eye Aramtɔwo zu Dawid ƒe dolawo, siwo dza nu nɛ. Eye Yehowa kpe ɖe Dawid ŋu le afisiafi, si wòyi.


Ke ame vloa ɖewo gblɔ bena: Amesia hãe aɖe mía? Wodo vloe, eye wometsɔ nunanaa ɖeke vɛ nɛ o. Gake esee, abe ɖe mesee o ene.


Miganɔ to ɖom Xizkiya o; elabena ale Asur-fia gblɔ esi: Mibla nu kplim, eye miɖo va gbɔnye, eye mia dome amesiame naɖu eƒe weintsetse, amesiame naɖu eƒe gbotitsetse, eye amesiame nano eƒe vudo me tsi,


Gilead enye tɔnye, eye tɔnyee nye Manase; Efrayim enye nye taxenu, eye Yuda anye nye fiatikplɔ;


Amonitɔwo dzo nu na Uziya, eye eƒe ŋkɔ de Egipte ke, elabena ekpa ŋusẽ tso me.


Esi Moabitɔwo, ale be Moabitɔwo zu Dawid teviwo, eye wodzo nu nɛ.


Eye Asur-fia Salmanaser ho ɖe eŋu, eye Hosea zu eƒe dɔla hedzo nu nɛ.


Le Axab ƒe ku megbe la Moab dze aglã ɖe Israel ŋu.


Eye wòkplɔ dukɔ, si le eme la, ɖaɖo laxalaxadɔwo kple tasiaɖam, siwo wotsɔna ƒoa lui ƒe dowo, fíadɔwo kple kpememedɔwo nu. Alea wòwɔ Amon-viwo ƒe duwo katã me tɔwoe. Eye Dawid kple aʋakɔ blibo la gbugbɔ va Yerusalem.


Azɔ Israel-fiaɖuƒe la su Saul si, eye wòwɔ aʋa kple eƒe futɔwo katã: Moabitɔwo, Amon-viwo, Edomtɔwo kple Zoba-fiawo kpakple Filistitɔwo godoo va kpe, eye afisiafi, si wòɖo la, eɖua dzi.


Wode adaŋu nu ɖekɛ, ŋuwò wobla nu ɖo:


Eye Dawid dzo tso afima heyi Mizpe le Moab, eye wògblɔ na Moab-fia bena: Taflatse, na fofonye kple danye naʋu ava mia gbɔ, vaseɖe esime manya, alesi Yehowa awɔ nam!


Eye wòkplɔ wo va Moab-fia gbɔe, eye wotsi egbɔ ŋkeke, siwo katã Dawid nɔ mɔ̃ me le to dzi.


Nya ko wose le ŋunye, gake woɖo tom; du bubu me viwo vivi nume nam.


nye tsileze enye Moab, mada nye atokota ɖe Edom dzi, eye matso aseye ɖe Filistitɔwo ŋu!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite