Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 8:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye fia Dawid ka woawo hã ŋu na Yehowa hekpe ɖe klosalo kple sika, siwo wòxɔ le dukɔ, siwo katã dzi woɖu la si, eye wòkɔ wo ŋu la ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Fia David kɔ nunana siawo katã ŋu na Yehowa, abe ale si wòwɔ kple klosalo kple sika si wòxɔ tso dukɔ siwo katã dzi wòɖu gbɔ,

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 8:11
8 Referans Kwoze  

Esi dɔ blibo, si fia Salomo wɔ le Yehowa ƒe aƒe la, wu enu la, Salomo tsɔ nusiwo ŋu fofoa Dawid ko, siwo nye klosalo kple sika kpakple miawo, da ɖe Yehowa ƒe xɔ la ƒe nudzraɖoƒe.


Zion-nyɔnuvi, tso nafanya nu! Elabena mana wò dzo nanye gayibɔ, eye wò afɔkli nanye akɔbli, ne nagbã dukɔ geɖewo gudugudu, eye nakɔ aboyonuwo ŋu na Yehowa kple woƒe kesinɔnuwo ŋu na anyigba blibo la dzi Aƒetɔ.


Metso nye ŋusẽ katã dzra ɖo ɖe nye Mawu ƒe aƒe la ŋu; sika ɖe sikanuawo ŋu, klosalo ɖe klosalonuawo ŋu, akɔbli ɖe akɔblinuawo ŋu, gayibɔ ɖe gayibɔ miawo gu, ati ɖe atinuawo ŋu, soham-kpe, kpe, siwo woatsɔ aɖo awuawo ŋu, kpe yibɔwo, kpe ŋɔŋɔewo, kpe xɔasi vovovowo kpakple kpe ɣiwo wosɔ gbɔ taŋtaŋ.


Eye fia Dawid kɔ woawo hã ŋu na Yehowa hekpe ɖe klosalo kple sika, siwo wòxɔ le dukɔwo katã si la ŋuti; exɔ wo le Edomtɔwo, Moabitɔwo, Amon-viwo, Filistitɔwo kple Amalekitɔwo si.


Toi do via Yoram ɖe fia Dawid, ne wòado gbe nɛ, woadi dzɔgbenyuie ne, eye wõayrae le esi wòwɔ aʋa kple Hadadezer, eye wòsii la ta, elabena Toi kple Hadadezer wole kè me; eye wòhe klosalonuwo, sikanuwo kple akɔblinuwo ɖe asi vɛ.


Ale wowu dɔ blibo, si Salomo wɔ hena Yehowa ƒe aƒea la nu, eye Salomo tsɔ fofoa Dawid ƒe nunana, siwo ŋu wòkɔ, siwo nye klosalo kple sika kpakple nuawo katã la, dada de Mawu ƒe aƒe la ƒe nudzraɖoƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite