Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 8:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Toi do via Yoram ɖe fia Dawid, ne wòado gbe nɛ, woadi dzɔgbenyuie ne, eye wõayrae le esi wòwɔ aʋa kple Hadadezer, eye wòsii la ta, elabena Toi kple Hadadezer wole kè me; eye wòhe klosalonuwo, sikanuwo kple akɔblinuwo ɖe asi vɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 eɖo Via ŋutsu Yoram ɖe David gbɔ be wòado gbe nɛ, akafui le esi wòwɔ aʋa kple Hadadezer eye wòsii la ta, vevietɔ, esi Tɔi kple Hadadezer nye futɔwo ta. Tɔi ɖo nu siwo wowɔ kple klosalo, sika kple akɔbli la ɖe David.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 8:10
9 Referans Kwoze  

Eye amesiwo tso eme va yina la, magblɔ be: „Yehowa ƒe yayra nenɔ mía dzi, míeyra mi le Yehowa ƒe ŋkɔ me“ o.


etsɔ sika kple klosalo kpakple akɔblinu vovovowo de via Hadoram si ɖo ɖe fia Dawid, ne yeado gbe ne, eye yeadi dzɔgbenyuie nɛ, le esi wòwɔ aʋa kple Hadadezer, eye wòsii ta; elabena Tou kple Hadadezer wole ke me.


Esi wosa numevɔ vɔ la, tete Samuel do, eye Saul yi ɖakpee, be yeado gbe nɛ.


Ɣemaɣi Babel-fia Merodax-Baladan, Baladan vi, ɖo agbalẽ kple nunanawo ɖe Xizkiya, esime wose be, elé dɔ wòvɔ nɛ.


eye fia la ƒe dɔlawo hã yi, be yewoayra míaƒe aƒetɔ fia Dawid gblɔ bena: Wò Mawu ana Salomo ƒe ŋkɔ nade du wu wò ŋkɔ, eye eƒe fiazikpui naƒo wò fiazikpui ta! Tete fia la bɔbɔ ɖe aba dzi.


Eye wòdo gbe na wo nyuie bia wo bena: Mia fofo tsitsi, si ŋu mieƒo nu le nam la, li sesĩe, eye ele agbe mahã?


Esi Xamat-fia Toi se bena, Dawid si Hadadezer ƒe aʋakɔ bliboa la,


Eye fia Dawid ka woawo hã ŋu na Yehowa hekpe ɖe klosalo kple sika, siwo wòxɔ le dukɔ, siwo katã dzi woɖu la si, eye wòkɔ wo ŋu la ŋuti.


Ame geɖewo he nunanawo va Yerusalem na Yehowa kple nu xɔasiwo na Yuda-fia Xizkiya. Tso ekema dzi la eƒe ŋkɔ ɖe du le dukɔwo katã dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite