Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 7:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Elabena tso gbesigbe mekplɔ Israel-viwo tso Egipte la, nyemenɔ xɔa ɖeke me vaseɖe egbe o, ke boŋ menɔ agbadɔ kple nɔƒe la me henɔa tsatsam.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Nyemenɔ xɔ aɖeke me kpɔ o, tso esime mekplɔ mi Israelviwo tso Egipte la, agbadɔ me koe nye nye nɔƒe.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 7:6
15 Referans Kwoze  

Tso gbesigbe mekplɔ nye dukɔ Israel tso Egipte la, nyemena dua ɖeke le Israel-toawo katã me, be woatu xɔ nam ɖe afima, ne nye ŋkɔ nanɔ eme o; ke metia Dawid, ne wòano nye dukɔ Israel nu.


Esi anyigba la na ta wo vɔ la, Israel-viwo ƒe ha blibo la va kpe ta ɖe Silo, eye wotu Mawu ƒe agbadɔ la ɖe afima.


Ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Efeso la, ƒe dɔla bena: Amesi lé ɣletivi adre ɖe eƒe nuɖusi, amesi le sikakaɖiti adreawo titina zɔm la, eyae gblɔ esiawo bena:


Alo ɖekawɔwɔ kae le mawuxɔ kple trɔ̃wo domea? Elabena miawoe nye Mawu gbagbe la ƒe xɔ, abe alesi Mawu gblɔ ene bena: „Manɔ wo dome, eye mazɔ wo dome, eye manye Mawu na wo, eye woawo hã woanye nye dukɔ.


Ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la nɔ mía fofowo dome le gbeadzi, abe alesi amesi ƒo nu kple Mose la ɖo, bena wòawɔe le nɔnɔme, si wòkpɔ la nu ene.


Eye nakpa ati gbabɛ akpe ɖe wò aʋawɔnuwo ŋu, eye ne èle afɔdzi de ge la, natsɔe aɖe ɖoe, emegbe natsɔe axe ke ɖe edzi.


Uriya ɖo ŋu na Dawid bena: Aɖaka la kple Israel kpakple Yuda wole agbadɔ me, nye aƒetɔ Yoab kple nye aƒetɔ ƒe dolawo ƒu asaɖa anyi ɖe tagba, eye nyea mayi aƒenye me, aɖu nu, ano nu ahadɔ srɔ̃nye gbɔa? Meta wò amea kple wò agbe siaa, ne mawɔ nusia fi!


Eye Israel-viwo bia Yehowa gblɔ bena: — ɣemaɣi la Mawu ƒe nubablaɖaka la le afima,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite