Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 7:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye fia Dawid yi ɖabɔbɔ nɔ Yehowa ŋku me hegblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, ameka menye, eye nuka nye aƒe nye be, nèkplɔm vaseɖe fifi?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Ale Fia David ɖanɔ anyi ɖe Yehowa ŋkume eye wòdo gbe ɖa be, “Oo, Aƒetɔ Yehowa, ame kae menye eye nu kae nye nye ƒome be nètsɔ nu siawo katã nam?

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 7:18
15 Referans Kwoze  

Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔ, ɣleti kple ɣletiviwo, siwo, newɔ la,


Tete fia Dawid va bɔbɔ nɔ Yehowa ŋku me, eye wògblɔ bena: Yehowa Mawu, ameka menye, eye nuka nye aƒenye be, nèkplɔm vaseɖe fifi!


Dawid gblɔ na Saul bena: Ameka menye, ameka nɔvinyewo nye, eye nuka fofonye ƒe ƒome nye le Israel, ne mahayi fia ƒe to nye ge?


Eye Yakob gblɔ bena. Wò, fofonye Abraham ƒe Mawu kple fofonye Isak ƒe Mawu, Yehowa, wò amesi gblɔ nam bena: Trɔ yi ɖe wò anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ, eye mawɔ nyuie na wò la,


Ke Mose gblɔ na Mawu bena: Ameka menye, be mayi Farao gbɔ, eye makplɔ Israel-viwo adzoe atso Egipte?


Samuel gblɔ be: Mele eme oa? Esi mèbu ɖokuiwò naneke o hã, mèzu Israel-toawo ƒe tatɔ oa? Eye Yehowa si ami na wò heɖo fia ɖe Israel nu.


nye amesi nye ame kɔkɔewo katã dome suetɔ la, wotsɔ amenuveve sia na, bene magblɔ Kristo ƒe kesinɔnu, si mele nyanya tsitsotsito o da afia le trɔ̃subɔlawo dome,


Eɖo ŋu nɛ bena: Taflatse, nye aƒetɔ! Nuka tsɔ ge mala ade Israel? Kpɔ ɖa, nye ƒome enye suetɔ le Manase, eye nyee nye dɔmlɔea le tofonye ƒe me!


Saul ɖo ŋu gblɔ bena: Ɖe menye Benyamintɔ menye tso Israel ƒe to suetɔ me, eye nye ƒome enye gblɔetɔ le Benyamin-to la ƒe ƒomeawo me oa? Nya ka enye si gblɔm nèle nam?


Esi Xizkiya xɔ agbalẽa le dɔlawo si, eye woxlẽe la, eyi Yehowa ƒe me, eye Xizkiya kekee ɖe Yehowa ŋku me.


Eye Natan ƒo nu kple Dawid ɖe nya siawo katã kple ŋutega sia nu pɛpɛpɛ.


nye medze wò nublanui, si nèkpɔ nam, kple wò anukware, si nẽɖi na wò dɔla la dometɔa ɖeke o; elabena nye ati sia metsɔ tso Yordan sia, ke azɔ la metrɔ zu asafokɔ eve.


Tete wòɖe ta agu hegblɔ nɛ bena: Aleke nève nunye, eye nèbu nye amesi nye amedzro la ale gbegbe?


Ɖe nye aƒe mele alea le Mawu ŋku me oa? Elabena ebia nu mava kplim, si woɖo pɛpɛpɛ, eye wodzrae ɖo. Elabena ɖe mana nye xɔxɔwo katã kple nye nudidiwo katã natsi ɖe dzi oa?


elabena ameka menye, eye ameka nye dukɔ la nye, be, miekpɔ ŋusẽ hena nu faa alea? Elabena nuwo katã tso gbɔwò, eye asiwò me miexɔ wo le hetsɔ na wò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite