Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 6:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke Yehowa do dɔmedzoe ɖe Usa ŋu, eye Mawu ƒoe ƒu afima ɖe Mawu ƒe aɖaka la xa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Yehowa do dɔmedzoe ɖe Uza ŋu heƒoe ƒu anyi wòku enumake ɖe mabumabu nu si wòwɔ la ta, ale wòku le Mawu ƒe nubablaɖaka la xa.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 6:7
10 Referans Kwoze  

Eye wowu amewo le Bet-Semestɔwo dome, elabena wokpɔ Yehowa ƒe aɖaka la. Ewu ame akpe blaatɔ̃ kple blaadre le dukɔ la dome. Tete dukɔ la fa konyi, elabena Yehowa wu amewo le dukɔ la dome ŋutɔ.


Elabena esi mieno eteƒe gbemagbe o la, eyata Yehowa, mía Mawu, ɖe ame le mía dome, elabena míebia gbee se, abe alesi dze ene o.


Tete Yehowa ɖo dɔmedzoe ɖe Uza ŋu, eye wòƒoe, le esi wòdo eƒe asi ɖa lé aɖaka la ta, eye woku le afima le Mawu ŋku me.


Emegbe Dawid de se be, amea ɖeke mekpɔ mɔ atsɔ Mawu ƒe aɖaka la o, negbe Lewi-viwo ko, elabena woawoe Yehowa tia, be woatsɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye woasubɔe tegbee.


Ne Aron kple viaŋutsuwo bia nu ɖe nu kɔkɔeawo kple wo ŋu nuawo katã ŋu va, eye ameha la le hoho ge la, eya ko hafi Kehat viwo nava atsɔ wo, bena womagaka asi nu kɔkɔeawo ŋu ahaku o. Esiawo nye Mawu ƒe agbadɔ la ŋu nusiwo Kehat-viwo natsɔ.


Le ŋkeke ewo megbe la Yehowa ƒe asi va Nabal dzi, eye woku.


Tete wòve Dawid be, Yehowa ɖe Usa ɖa, eye wòna ŋkɔ teƒe ma be Perez-Usa vaseɖe egbe.


Ne nɔƒe la le hoho ge la, Lewitɔwo nakakae, eye ne nɔƒe la ɖo droƒe la, ekema Lewitɔwo natui; gake ne tame tutɔa ɖe te va la, woawui.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite