Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 6:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ale Yehowa ƒe aɖaka la tsi Gattɔ Obed-Edom ƒe me dzinu etɔ̃, eye Yehowa yra Obed-Edom kple eƒe aƒe blibo la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Yehowa ƒe nubablaɖaka la nɔ afi ma ɣleti etɔ̃ eye Yehowa yra Obed Edom kple eƒe aƒemetɔwo katã.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 6:11
7 Referans Kwoze  

Tso esime wòtsɔe ɖo eƒe aƒe me nuwo dzikpɔlae, eye wotsɔ eƒe nuwo katã de esi la, Yehowa yra Egiptetɔ la ƒe aƒe le Yosef ta, eye Yehowa ƒe yayra le nusiwo katã le esi le aƒe me kple agble me la dzi.


Tete Laban gblɔ nɛ bena: Ve nunye dzro! Elabena medze sii bena, Yehowa yram le tawo.


Mihe nuwo ƒe ewoliawo katã yi nudzraɖoƒe la, ne woanye nuɖuɖu le aƒenye me; mitsɔ esia dom kpɔ abe nyemaʋu dziƒo nu, eye nyemadudu yayra aƒo ɖe mia dzi wòagbɔ eme o ha? Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Eye gaxɔdzikpɔla metsɔ ɖeke le nusi wòwɔna la me o, elabena Yehowa li kplii, eye nusianu, si wòwɔ na la Yehowa na wòdzea edzi nɛ.


Eye Dawid melɔ̃ be, woatsɔ Yehowa ƒe aɖaka la ava ye gbɔe le Dawid ƒe ɖu la me o; eye Dawid na be, woaɖadroe ɖe Gattɔ Obed-Edom ƒe me.


Obed-Edom viwo nye: Semaya, si nye ŋgɔgbea, evelia nye Yozabad, etɔ̃lia nye Yoax, enelia nye Saxar, atɔ̃lia nye Netaneel,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite