Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 5:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye Dawid va na mɔ̃ la me hena ŋkɔe be Dawid ƒe du; eye Dawid ɖo gli ƒo xlãe va kpe tso Milo to anyigba gome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Ale David va nɔ mɔ la me hena ŋkɔe be, “David Ƒe Du.” Ekeke dua ɖe edzi tso Milo xoxoa ɖo ta du si li fifia la titina.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 5:9
16 Referans Kwoze  

Ke esi Farao vinyɔnu ʋu tso Dawid ƒe du la me yi eƒe xɔ, si wòtu nu me la, Salomo tu Milo.


Ale yakadɔwɔla, si wo fia Salomo ɖe, be woatu Yehowa ƒe xɔ, eya ŋutɔ ƒe xɔ kple Milo, eye woaɖo gli ɖe Yerusalem, Xazor, Megido kple Gezer ŋu la, ƒe nya la enye si:


Egla eɖokui, eye wòdɔ gli la ƒe gbagbãƒewo katã do, etu xɔ tsralawo de wo dzi, eye wòɖo gli bubuwo ɖe egodo, eɖo gli ɖe Dawid-du la ƒe Milo ŋu, eye wòwɔ aʋawɔnuwo kple akpoxɔnuwo kpaŋkpaŋ;


Nusi ta wòdo eƒe asi ɖe dzi ɖe fia la ŋu enye si: Salomo tu Milo, eye wòxe fofoa Dawid ƒe du la ƒe ʋe.


Ke Dawid xa Zion-mɔ̃ la, eya nye Dawid ƒe du.


Eye wòtso du la tso Milo godoo va kpe; ke Yoab ye tso du la ƒe akpa mamlea.


Ne menye nenem o la, ekema dzo nedo tso Abimelex me, ne wòafiã Sixemtɔwo kple Milo-nɔlawo, eye dzo nedo tso Sixemtɔwo kple Milo-nɔlawo me, ne wòafiã Abimelex!


Eye Sixemtɔwo katã kple Milo-nɔlawo katã va kpe ta, eye woɖo fia Abimelex le logoti, si nye ŋkuɖodziti le Sixem la gbɔ.


Gbemagbe Dawid gblɔ bena: Amesi asi Yebusitɔwo hekpe ɖe xodrɔ̃wo kple ŋkuagbãtɔwo, amesiwo Dawid ƒe dzi lé fui la ŋu heva ke ɖe tsiʋu la gbɔ la…! Eyata wogblɔna be: Ŋkuagbãtɔ kple xɔdrɔ̃ megava aƒea me o!


Yoas ŋutinya susɔeawo, kple nusiwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.


Wò Yerusalem, si wogbugbɔ tso, eye nèlé abe du, si wotsiã ɖe wo nɔewo nu ene.


Baba na Ariel, Ariel-du, si me Dawid ƒu asaɖa anyi ɖo! Ne míekpe ƒe ɖe ƒe ŋu, eye ŋkeke nyui wo tre va kpe la,


Eye Dawid melɔ̃ be, woatsɔ Yehowa ƒe aɖaka la ava ye gbɔe le Dawid ƒe ɖu la me o; eye Dawid na be, woaɖadroe ɖe Gattɔ Obed-Edom ƒe me.


Eye Dawid mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe Dawid ƒe du la me.


Eye eƒe dɔlawo tso ɖo nugbe ɖe eŋu, eye wowu Yoas le Milo ƒe aƒe, si le Silo gome la me.


Salum, Kol-Xoze vi, amesi nye amegã le Mizpa-nutowo me la, ɖɔ vudogbo la ɖo; ewu enu, eye wògbã eta me hede agbo kple ʋɔtru ŋugawo kpakple ʋɔmedetiwo enu; edo Selax-ta la ƒe gli, si le fia ƒe abɔ ŋu vaseɖe atrakpui, si ɖiɖi de Dawid ƒe dua me la gbɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite