2 Samuel 3:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19138 Tete Abner do dɔmedzoe le Is-Boset ƒe nyawo ta gblɔ bena: Avũ ta menye tso Yuda? Meve fofowò ƒe aƒe kple nɔviawo kpakple xɔlɔ̃awo nu egbea, eye nyemetsɔ wò de asi na Dawid o; eye wòa nèle nya hem de ŋunye le nyɔnu ta fifia? Gade chapit laAgbenya La8 Abner do dɔmedzoe le Is Boset ƒe nyawo ta hegblɔ bena, “Avue menye le Yuda be woanɔ ƒoyem tso afii yi afimɛa? Menyo na wò kple fofowò vɔ be nyemetsɔ mi de asi na David o. Nye fetue nye miakpɔ vodada le nye kple nyɔnu aɖe ŋua? Gade chapit la |