Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 3:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Evia evelia nye Xileab, si nye Karmeltɔ, Nabal srɔ̃ Abigail tɔ; etɔ̃lia nye Absalom, si nye Gesur-fia, Talmai ƒe vinyɔnu Maaxa ƒe vi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Via ŋutsu eveliae nye Kileab, ame si Abigail, Nabal, Karmeltɔ la ƒe ahosi dzi nɛ. Via ŋutsu etɔ̃liae nye Absalom, ame si Maaka, Gesur Fia, Talmai ƒe vinyɔnu dzi nɛ.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 3:3
22 Referans Kwoze  

Eye Dawid kple eƒe amewo yi ɖadze Gesuritɔwo, Girzitɔwo kple Amalekitɔwo dzi; elabena woawo na anyigba la dzi tso tititi yi ɖake de Sur kple Egipte-nyigba ŋu.


Dawid vi, siwo wodzi nɛ le Xebron la wonye: eƒe ŋgɔgbea Amnon, si nye Axinoam, Yesreel-nyɔnu la lɔ; evelia nye Daniel, si nye Abigail, Karmel-nyɔnu la to,


Tete Dawid yi afima, eye srɔ̃ eveawo, Yezreeltɔ Axinoam kple Karmeltɔ Abigail, kpe ɖe eŋu.


Enumake Abigail wɔ kaba dze mɔ, edo tedzi, eye egbɔ nyɔnu atɔ̃ kpe ɖe eŋu, eye wòdze Dawid ƒe dɔlawo yome, eye wòzu srɔ̃a.


Ŋutsu la ŋkɔ nye Nabal, eye srɔ̃ ŋkɔ nye Abigail: nyɔnu la ƒe tagbɔ ka, eye wòdze tugbe, ke ŋutsua enye ŋlɔmitɔ, evɔ̃ɖi, eye wòtso Kaleb-ƒome me.


Ke Israel-viwo menyã Gesuritɔwo kple Maaxatitɔwo o, eyata Gesur kple Maaxat tsi Israel dome vaseɖe egbe.


Manase vi Yair xɔ Argob-nyigba blibo la vaseɖe Gesuritɔwo kple Maaxatitɔwo ƒe liƒo dzi, eye wòna ŋkɔ Basan ɖe eƒe ŋkɔ ŋu bena Yair-kɔƒewo va do egbee.


Eye fia la gblɔ be: Netrɔ yi eƒe me, eye megava kpɔ nye ŋku me o! Tete Absalom trɔ yi eƒe me, eye mekpɔ fia la ŋku me o.


Esia megbe la Dawid vi Absalom nɔvinyɔnu Tamar, si dze tugbe la, ƒe nu lé dzi na Dawid vi Amnon.


Absalom ɖo ŋu na Yoab bena: Kpɔ ɖa, medo ame ɖe wò be: va, ne made gbe asi na wò aɖo ɖe fia la bena: Nukaŋuti metso Gesur va? Ɖe metsi afima la, ne nyo nam wu! Azɔ meɖi be, makpɔ fia la ŋku me; eye ne vodadaa ɖe le ŋunye la, ekema newum!


Le ƒe ene megbe la Absalom gblɔ na fia la bena: Taflatse, na mayi adawɔ nye adzɔgbe, si meɖe na Yehowa la dzi le Xebron.


Elabena esi menɔ Gesur le Aram la, wò dɔla ɖe adzɔgbe bena: Ne Yehowa gakplɔm yi Yerusalem la, ekema miasubɔ Yehowa.


Le eƒe agbe me ŋkekewo me la fofoa mehe nya ɖe eŋu kpɔ be: nukaŋuti nèwɔ esi kple esi hã o. Edze ɖeka hã ŋutɔ, eye eya wòdzi ɖe Absalom yome.


Eye wògblɔ be: Wò ŋutɔ ènyae be, fiaɖuƒe la nye tɔnye, eye Israel blibo la ƒe ŋku le ŋunye, be nyee le fia nye ge; ke fiaɖuƒe la trɔ yi ɖe nɔvinye si, elabena Yehowae ɖoe nɛ.


etɔ̃lia nye Absalom, si nye Gesur-fia Talmai ƒe vinyɔnu Maaxa ƒe vi; enelia nye Adoniya, Xagit ƒe vi;


Tete Yoab dze mɔ yi Gesur, eye wòkplɔ Absalom va Yerusalem.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite