Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 3:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Mènya Abner, Ner vi la oa? Elabena nuwò ble ge wòva, ne wòanya wò dodo kple wò gbɔgbɔ kpakple nusiwo katã nèwɔna.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 Ènya Abner, Ner ƒe vi, nyuie; ɖe wòva be yeable wò, yealé ŋku ɖe wò afɔɖeɖewo ŋu eye yeanya nu sia nu si wɔm nèle.”

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 3:25
16 Referans Kwoze  

Menya wò anyinɔnɔ, wò yiyi kple wò gbɔgbɔ kple wò agbodzedze ɖe ŋunye.


Ne eva aƒe la, Woayra wò, eye ne edo go la, woayra wò.


Eyata taflatsedodoa ɖeke mele asiwò o, oo ame, amesi ke ƒomevi nènye le ʋɔnu drɔ̃m la! Elabena nusi ke netsɔna drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la, eya ke netsɔna bua fɔ ɖokuiwò; elabena wò amesi le ʋɔnu drɔ̃m la, wò ŋutɔ èwɔa nu mawo ke.


Tete farisitɔwo xɔ dzi na wo bena: Alo ɖe wòflu miawo hã mahã?


Eye liʋiliʋilili sɔ gbɔ le amehawo dome le eŋuti; ɖewo gblɔ bena: Ame nyui wònye; bubuwo gblɔ bena: Ɖabi, ke boŋ eflu ameha la.


Yehowa adzɔ wò dodo kple wò gbɔgbɔ ŋu tso fifia ɖaseɖe mavɔ me.


vaseɖe esime mava, eye makplɔ mi ayi anyigba, si le abe mía ta ene la dzi, anyigba, si dzi bli, wein kple abolo, weingblewo, amitiwo kple anyitsi le, ne miano agbe, eye miaku o. Migado to Xizkiya o! Mia blem wòle le gbɔgblɔm be: Yehowa aɖe mí!


Amon-viwo ƒe amegãwo gblɔ na woƒe aƒetɔ Xanun bena: Ɖe Dawid dɔ akɔfalawo ɖa, be woaɖe bubu fofowò ŋu na wò loo? Alo menye ɖe Dawid da eƒe dolawo ɖe gbɔwò, be woadzro dua me, eye woatsa ŋku le eme ahagblẽe oa?


Esi Abner trɔ gbɔ va Xebron la, Yoab kplɔe yi agbo la te, be woa kplii woaɖe kpɔ; eye wòda nu do me nɛ le afima wòku ɖe nɔvia Asahel ƒe ʋu ta.


amesi ado kpli wo, eye wòagagbɔ kpli wo, amesi akplɔ wo adoe, eye wòagakplɔ wo agbɔe, bena Yehowa ƒe ha la maganɔ abe alé, siwo nu kplɔla mele o la, ene o.


Mido mia dometɔ ɖeka ɖa, be wòakplɔ mia nɔvi la vɛ, ke malé mi ame mamleawo ade ga. Esia me mado mi akpɔ le be, ɖe mietoa nyateƒe loo; ke ne mele nenem o la, meta Farao bena, ŋkutsalawo míenye.


Eɖo ŋu na wo bena: Kpao, mɔnu ɖi ge mieva le anyigba la ŋu!


Tete Yosef ɖo ŋku drɔ̃e, si wòku le wo ŋu la dzi, eye wògblɔ na wo bena: Ŋkutsalawo míenye! Ɖe mieva, be miadi mɔnu le anyigba la ŋu.


Tete Yoab va fia la gbɔ gblɔ bena: Nuka nye esi nèwu? Kpɔ ɖa, Abner va gbɔwò; nukaŋuti nèɖoe ɖa wodzo?


Tete Yoab do le Dawid gbɔ hedɔ ame ɖo ɖe Abner yome, eye wotrɔe tso Sira-vudo la gbɔ gbee, ke Dawid menyae o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite