Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 3:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Miwɔe azɔ! Elabena Yehowa gblɔ le Dawid ŋu be: Nye dɔla Dawid ƒe asi dzi to ge mala ade nye dukɔ Israel tso Filistitɔwo kple woƒe futɔwo katã si me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Egblɔ na wo be, “Azã la su azɔ elabena Yehowa do ŋugbe na David be, ‘Nye dɔla, David dzie mato aɖe nye dukɔ, Israel tso Filistitɔwo kple woƒe futɔ bubuawo ƒe asi me!’ ”

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 3:18
11 Referans Kwoze  

Tete Samuel gblɔ nɛ bena: Yehowa dze Israel-fiaɖuƒe la le asiwò egbe, eye wòtsɔe na hawòvi, si nyo wu wò.


Mawu nefia Abner, ne wòagafiae de dzi, ne nyemewɔ, abe alesi Yehowa ka atam na Dawid be:


Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ŋkeke nenie nanɔ konyi fam le Saul, amesi megbe be, megaɖu fia ɖe Israel dzi o la ŋu? De ami wò lãdzo la me, eye nayi; kpo ɖa, mele dɔwòm ɖe Isai gbɔ le Betlexem, elabena mekpɔ fia ɖi na ɖokuinye le viawo dome.


Ke azɔ wò fiaɖuɖu mali ke o. Yehowa ɖi ŋutsu bubu, si dze eŋu, na eɖokui, eye Yehowa tsɔe ɖo fia ɖe eƒe dukɔ nu; elabena melé se, si Yehowa de na wò la me ɖe asi o.


Etsɔ wɔle siawo la mele ŋutsua ɖe ɖo ge ɖe wò tso Benyamin-nyigba dzi, nasi ami nɛ, wòanye amegã ɖe nye dukɔ Israel nu, eya naɖe nye dukɔ tso Filistitɔwo si me; elabena mekpɔ nye dukɔ ɖa, eye eƒe ɣli ɖi va gbɔnye.


Eye Dawid ɖe amewo ɖo Aramtɔwo ƒe Damasko, eye Aramtɔwo zu Dawid ƒe dolawo, siwo dza nu nɛ. Eye Yehowa kpe ɖe Dawid ŋu le afisiafi, si wòyi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite