Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 3:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye ana nɔ Saul ƒe aƒe kple Dawid ƒe aƒe dome eteƒe didi Eye Dawid ɖe ŋusẽ kpɔm de dzi, ke Saul ƒe aƒe la le gbɔdzɔgbɔdzɔm ɖe dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Aʋawɔwɔ didi aɖe nɔ edzi yim le Saul ƒe aƒe kple David aƒe dome. David ƒe aƒe la nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi le esime Saul ƒe aƒe ya nɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm ɖe edzi.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 3:1
26 Referans Kwoze  

Eye aʋa nɔ Rexabeam kple Yerobeam dome ŋkekeawo katã.


Eye ne ele nyaŋui gbã la, ekema àdzi ɖe edzi emegbe.


Aʋa la nu sẽ ŋutɔ gbemagbe, eye Dawid ƒe dɔlawo si Abner kple Israel-ŋutsuwo.


elabena míele kame tem kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ mía kple dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple xexe sia me fia, siwo le fifi viviti sia me kpakple vɔɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me lae le kame tem.


Ne woto aɖatsibali me la, wowɔnɛ wòzua tsidzɔƒe; eye aɖatsi tsɔa yayra ɖoa atsyɔ̃ na.


Ke ame dzɔdzɔe alé eƒe mɔ ɖe asi sesĩe, eye asi dzadzɛ tɔ akpɔ ŋusẽ ɖe edzi.


Elabena ŋutilã la dzroa nu ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti, eye Gbɔgbɔ la ɖe ŋutilã la ŋuti; elabena esiawo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋuti, bene miagawɔ nusiwo mielɔ̃na o.


Eye Haman xlẽ nusiwo katã dzɔ ɖe edzi la, fia srɔ̃a Zeres kple exɔlɔ̃awo katã. Tete eƒe nunyalawo kple srɔ̃a Zeres wogblɔ nɛ bena. Nenye Yudatɔwo ƒe dzidzimeviwo dome Mardoxai, amesi ŋku me nede asi toyiyi me le tso la, ekema màte ŋu awɔ nanekee o, ke boŋ to kokoko nayi agayi le eŋku me!


Eye aʋa nɔ Asa kple Israel-fia Baesa dome le woƒe agbe me ŋkekewo katã me.


Eye aʋa no Asa kple Israel-fia Baesa dome le woƒe agbe me ŋkekewo katã me.


Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.


Eye kpo ɖa, mekpɔ sɔ ɣia ɖe, eye amesi ɖoe la, lé dati ɖe asi, eye wotsɔ fiakuku nɛ, eye wòdo go yi ɖale dzi ɖum, bene yeakpɔ dziɖuɖu.


Eye Yoab ku kpẽ, tete aʋakɔ blibo la tɔ, womegati Israel yome o, eye wodzudzɔ aʋawɔwɔ.


Eye Dawid le ŋusẽ kpɔm ɖe dzi, eye Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu la, li kplii.


Eɖem tso nye dukɔ ƒe dzrewɔwɔwo me, èdzram ɖo hetsɔm ɖo dukɔwo ƒe lae, eye dukɔ, si nyemenya o la, subɔm.


Ale Dawid le akɔ trim ɖe dzi ɖaa, eye Yehowa Zebaot nɔ kplii.


Elabena Mardoxai zu gã le na ƒe me, eye eƒe ŋkɔ de anyigbawo katã dzi; elabena ŋutsu Mardoxai le gã zum ɖe dzi ɖaa.


Mem wo gudugudu abe ʋuʋudedi le ya nu ene, eye metsɔ wo ƒu gbe abe ablɔ me gbeɖuɖɔ ene.


Miva kpa Yehowa ƒe nuwɔwɔwo, amesi doa aƒedo anyigba,


Esi aʋa nɔ Saul ƒe aƒe kple Dawid ƒe aƒe dome la, Abner ku de Saul ƒe aƒe ŋu vevie.


Dawid vi, siwo wodzi nɛ le Xebron la wonye: eƒe ŋgɔgbea Amnon, si nye Axinoam, Yesreel-nyɔnu la lɔ; evelia nye Daniel, si nye Abigail, Karmel-nyɔnu la to,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite