Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 24:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye wova Tiro ƒe mɔ̃ sesẽ la gbɔ heto Xiwitɔwo kple Kanaanitɔwo ƒe duwo katã me, eye wova to Yuda ƒe dziehe heva Beer-Seba.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Tso afi ma woyi Tiro mɔ la me kple Hivitɔwo kple Kanaantɔwo ƒe duwo katã me. Mlɔeba la, woyi Beerseba le Yuda ƒe gbegbe.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 24:7
10 Referans Kwoze  

Eye liƒo la tro to Rama kple du sesẽ Tirus gbɔ, eye wònyè kpo to Xosa heva wu nu ɖe ƒu nu tso Axsib-nuto me


kpakple Kanaanitɔ, siwo le ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe. Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo kple Yebusitɔwo, siwo le towo dzi, kpakple Xiwitɔwo, siwo le Xermon te le Mizpa-nyigba dzi.


Tete fia la gblɔ na aʋakɔ la ƒe tatɔ Yoab bena: Yi ɖatsa le Israel-toawo katã me tso Dan vaseɖe Beer-Seba eye naxlẽ dukɔ la, ne manya dukɔ la ƒe xexlẽme!


Woawo nye. Filistitɔwo ƒe amegã atɔ̃awo, Kanaanitɔwo katã, Zidontɔwo kple Xiwitɔwo, siwo nɔ Libanon-towo dzi tso Baal-Xermon vaseɖe Xamat.


Eye wotsa to anyigba blibo la dzi, eye wogbugbɔ va Yerusalem le dzinu asieke kple ŋkeke blave megbe.


Tiro tu mɔ̃ sesẽ na eɖokui, eli kɔ klosalo gleglegle abe ke ene kple sika abe gbeɖuɖɔ le kpɔdomee ene.


Esi fia, siwo katã le towo dzi, gbadzaƒe kple ƒu gã la ŋu le Libanon kasa le Yordan ƒe go keme dzi, siwo nye Xititɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo see la,


Tete Israel-ŋutsuwo gblɔ na Xiwitɔwo bena: Ɖewohi miele mía dome; aleke wo hafi míabla nu kpli mi?


va to Ebron, Rexob, Xamon kple Kana vaseɖe Zidon, ɖu gã la gbɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite