Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 24:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Tete Dawid ƒe dzi lã kpo, esime wòxlẽ dukɔ la vɔ megbe, eye Dawid gblɔ na Yehowa bena: Mewɔ nuvɔ̃ ŋutɔ be, mewɔ nusia; eyata Yehowa, ɖe wò dɔla ƒe vodada ɖa, elabena mewɔ lãnu ŋutɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 David ƒe dzitsinya ɖe fu nɛ esi wòna woxlẽ ame siwo ate ŋu ayi aʋa la vɔ. Tete wògblɔ na Yehowa be, “Mewɔ nu vɔ̃ gã aɖe le nu si mewɔ la ta. Oo Yehowa, azɔ la meɖe kuku na wò, ɖe wò dɔla ƒe vodada ɖa elabena mewɔ bometsinu gã aɖe.”

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 24:10
27 Referans Kwoze  

Eye Dawid gblɔ na Natan bena: Mewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Natan gblɔ na Dawid bena: Yehowa hã ɖe wò nuvɔ̃ la ɖa; mele kuku ge o.


Samuel gblɔ na Saul bena: Ewo bometsinu! Ɖe wònye ɖe nèlé Yehowa, wò Mawu ƒe se, si wòde na wò me ɖe asi la, anye ne Yehowa ana wò fiaɖuɖu nali ke ɖe Israel tegbee.


Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke amesi ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.


Tete Dawid ƒe amewo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, esia nye ŋkeke, si ŋu Yehowa gblɔ le na wò be, yeatsɔ wò futɔ ade asi na wò, eye nawɔ nusianu, si dze ŋuwò la, ɖe eŋu! Eye Dawid tso yi ɖalã awu ʋlaya, si Saul do la nu dzaa.


Ne mieʋu miaƒe nuvɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye, bene woatso míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mia ŋuti.


Elabena Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye woɖoa ŋusẽ amesiwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo. Ewɔ bometsinu; eyata tso fifi la aʋa ano dowòme.


Tete Dawid gblɔ na Mawu bena: Mewo nuvɔ̃, be mewo nusia, eyata tsɔ wò dɔla ƒe vodada kee, elabena mewo lãnu ŋutɔ.


Elabena tsã la miawo hã míenye ame manyanuwo, tosẽlawo, mɔtrelawo, nu dzodzro kple dzidzɔkpɔkpɔ bubu ƒomevi geɖewo ƒe subɔlawo, vɔ̃ɖiwɔwɔ kple ŋuʋaʋã me nɔlawo, ame nyɔŋuwo kple amesiwo léa fu wo nɔewo.


Eye esi wosee la, woƒe dzi tsi nya na wo, ave wodo go ɖekaɖeka hedze egɔme tso xoxoawo dzi vaseɖe ɖevitɔwo dzi, eye wogblẽ Yesu ɖeka ɖi kple nyɔnu la le afisi wòle la, le titina.


Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!


ahasiwɔwɔwo, ŋubiabiãwo, nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo, beble, ahiãdzedze, ŋku vɔ̃ɖi, busubɔbɔ, dàda, movidzɔdzɔ;


Israel, gatrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu, elabena wò vodadawoe tsɔ wò ƒu anyi.


Mede nye nuvɔ̃wo fia wò, eye nyemetso nu tsyɔ nye vodadawo dzi o; megblɔ be, maʋu nye dzidadawo me na Yehowa; tete nètsɔ nye nuvɔ̃ ƒe vodadawo kem. Sela.


Nukaŋuti mẽtsɔ nye dzidadawo ke o, eye mèna nye vodadawo nu yi o? Elabena azɔ mele ke me mlɔ ge, eye ne èdim la, nyemaganɔ anyi o.


Tete Xizkiya kple Yerusalemtɔwo bɔbɔ wo dokui le eƒe dada la ta, eye Yehowa ƒe dɔmedzoe meva wo dzi le Xizkiya ƒe agbenɔɣi o.


Tete Saul gblɔ bena: Mewɔ nuvɔ̃, gbugbɔ, vinye Dawid, nyemagawɔ vɔ̃a ɖeke wò azɔ o, elabena nye agbe xɔ asi le ŋkuwò me egbe, kpɔ ɖa, mewo lãnu, eye meda ƒu ŋutɔ.


Dukɔ dzɔlã kple bometsila, ale nèle akpe da mi na Yehowa? Alo menye eya nye fofowò, si wɔ wò oa? Eya ŋutɔe wɔ wò, eye wòɖo wò te.


Tete Aron gblɔ na Mose bena: Ao, nye aƒetɔ, megana woahe to na mí le nuvɔ̃, si míetsi bome wo la ta o.


Esi Dawid kpɔ mawudɔla, si la ame wum le dukɔa dome la, egblɔ na Yehowa bena: Kpɔ ɖa, nyee wɔ nuvɔ̃, eye meda vo; ke alẽ siawo la, nuka wowɔ? Wò asi neva mia kple fofonye ƒe aƒe dzi boŋ!


Ne dziƒo nu xe, eye tsi megale dzadzam o, le esi wowɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò ta, eye wodo gbe ɖa le teƒe sia heʋu wò ŋkɔ me, eye woɖe asi le woƒe nuvɔ̃wo ŋu, le esi nèbɔbɔ wo ɖe anyi ta la,


Tete Farao na woyɔ Mose kple Aron ve kaba eye wògblɔ bena: Meda vo ɖe Yehowa, mia Mawu la, kple mia ŋuti.


Ke esi Dawid wòe vɔ la, eƒe dzi lã kpò, le esi wòlã Saul ƒe awu ʋlaya nu la ta.


Ke nusia medze Mawu ŋu o, eye wowu Israel.


Yehowa be: Azɔ hã la, mitsɔ miaƒe dzi blibo kple nutsitsidɔ, avifafa kple konyifafa trɔ ɖe ŋunye!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite