Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 23:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 le abe alesi ŋdi kɔna, ne ɣe dze ene, ele abe ŋdi, si alilikpoa ɖeke medo o ene, eye ele abe keklẽ, si nana gbe miena tso anyigba me le tsidzadza megbe ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 anɔ abe ŋdikekeli ene, ɣe keklẽ si ŋgɔ lilikpo mexe o si naa gbe mumu dona tso anyigba me le ɣe keklẽ kple tsidzadza megbe ene.’

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 23:4
17 Referans Kwoze  

Yehowa, alea wò futɔwo katã atsrɔ̃ enye si! Ke amesiwo lɔ̃nɛ la le, abe alesi ɣe dzena kple ŋusẽ ene. Eye anyigba la ŋu fa ƒe blane sɔŋ.


Aɖi ɖe anyi ahe tsidzadza ɖe gbe talãlàe dzi ene, abe tsi gãe ƒo anyigba ene.


Eyata meƒo wo to nyagblɔɖilawo dzi, metso nyee numenyawo wu woe, eye nye ʋɔnudɔdrɔ̃ adze abe kekeli ene.


Meta nye kɔkɔenyenye zi ɖeka, nyemada alakpe na Dawid o;


Amesia va le ɖaseɖiɖi ta, bena wòaɖi ɖase le kekeli la ŋuti, bena amewo katã naxɔ ase to eyama dzi.


Eye Yakob ƒe ame mamleawo anɔ anyigba ɖzi dukɔwo me le ɖukɔ geɖewo dome abe dzata le gbemelãwo dome ene, abe dzatavi le alẽhawo dome, si, ne eto wo dome la, enyãa avuzi le nu dzi, eye wòvuvua nu, ke xɔnametɔa ɖeke menɔa anyi o la ene.


Ele dodo ge kokoko abe agudzedze ene, eye ele vava ge na mí abe tsidzadza ene, abe keletsi, si ƒoa anyigba ene.


Anyigba dzi dukɔwo azɔ le wò kekeli nu kple fiawo le wò keklẽ ƒe dzedze nu.


Tso naklẽ, elabena wò kekeli gbɔna, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe adze ɖe dziwò!


Gbemagbe la Yehowa ƒe atidzedze anye atsyɔ̃ kple bubu, eye anyigba ƒe kutsetse anye adegbeƒoƒo, ɖekadzenu na Israel ƒe ame susɔeawo.


Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nua kɔkɔm ɖe dzi, vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene.


Wò dukɔ atsɔ eɖokui ake wò le wò aʋakpegbe, eye wò ɖekakpuiwo anɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me ado na wò abe zãmu tso agudzedze ƒe dɔ me ene.


Nye nufiafiawo le ɖuɖu ge abe tsidzadza ene, eye nye nyawo le dzadza ge abe zãmu ene; wole abe tsie nyɔ ɖe gbe dzi ene, eye wole abe tsie tso ka ɖe amagbe dzi ene.


Elabena ale Yehowa gblɔ nam enye si: Manɔ nɔnyeƒe kpoo anɔ ekpɔm, ne ŋdɔkutsu le vevem heliheli, ne alilikpowo le zãmu dzam le nuŋeɣi ƒe dzoxɔxɔ me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite