Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 23:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid ƒe nya mamleawo nye esi; Dawid, Isai vi ƒe gbe, ŋutsu, si wodo ɖe dzi, Yakob ƒe Mawu ƒe amesiamina la, kple kafukafuhawo ƒe heno le Israel ƒe gbe:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 David ƒe nya mamlɛtɔwoe nye esiawo: “David, Yese ƒe vi le nu ƒom, David, ame si Yehowa, do ɖe dzi, David, Yakob ƒe Mawu ƒe amesiamina, David, Israel ƒe Psalmo viviwo kpala.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 23:1
25 Referans Kwoze  

Ɣemaɣi nèƒo nu to ŋutega me na wò ame kɔkɔewo gblɔ bena: „Mekpe de kalẽtɔa de ŋu, eye medo ɖekakpuia ɖe ɖe dzi le dukɔ la dome.“


Mina Kristo ƒe nya la nanɔ mia me geɖe fũ, eye mitsɔ nunya sia nunya fia nu mia nɔewo, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo, eye midzi ha le amenuveve me na Mawu le miaƒe dziwo me.


Eye wògblɔ na wo bena: Esiawo nye nye nya, siwo megblɔ na mi, esi megali kpli mi la bena: Ele be, woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo kpakple Psalmowo me le ŋutinye la nu.


mi amesiwo nɔa saŋku ƒom kɔ kple avu, eye mienɔa hã kpam abe Dawid ene;


Dawid, Isai vi la, ƒe gbedodoɖa wu nu.


Ke nye la meɖo fianye le Zion, nye to kɔkɔe la dzi.


Midzi ha ne, miƒo saŋku nɛ, eye miƒo nu le eƒe nukunuwo katã ŋuti!


Gbemagbe enye zi gbãtɔ, esi Dawid tsɔ akpedaha, si wòadzi na Yehowa la, de asi na Asaf kple nɔviawo:


Yehowa atsrɔ̃ eƒe futɔwo, eye wòaɖe gbe ɖe wo dzi tso dziƒo; Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu anyigba ƒe mlɔenuwo. Ana ŋusẽ eƒe fia, eye wòana eƒe amesiamina la ƒe dzo nado lɔƒuu!


Ne mia dome amea ɖe le fu kpem la, nedo gbe ɖa; ne amea ɖe kpɔ dzidzɔ la, nedzi kafukafuhawo.


Elabena Dawid ŋutɔ gblɔ le Psalmo ƒe agbalẽ me bena: Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ bena: „Bɔbɔ nɔ nye nuɖusi me,


Esia nye yayra, si Mose, Mawu ƒe ame la, tsɔ yra Israel-viwo hafi ku.


Eye Yakob ya viawo gblɔ bena: Miƒo ƒu, ne magblɔ nusi le dzɔdzɔ ge ɖe mia dzi le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me la afia mi!


Dawid enye Efrattɔ ma, si tso Betlexem le Yuda, amesi ŋkɔ nye Isai la, ƒe vi; viŋutsu enyi le esi, eye wònye amegã ɖeɖi le ŋutsuwo dome le Saul ŋɔli.


Eye nyɔnuawo le ʋu ƒom hedo ha ɖa bena: Saul wu akpe, Dawid wu akpe nane!


Ewɔ nye afɔ abe zinɔwo tɔ ene, eye wòɖom togbɛwo dzi.


Eɖe xɔxɔ gã fia eƒe fia, eye wòve Dawid, eƒe amesiamina la, kple eƒe dzidzimeviwo nu tegbee.


Mekpɔ nye dɔla Dawid, eye mesi nye ami kɔkɔe nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite