Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 22:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Meyɔ Yehowa le nye xaxa me eye meɖo ɣli na nye Mawu, ese nye gbe tso eƒe fiasã me, eye nye kokoƒoƒo de eƒe to me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 “Ke meyɔ Yehowa le nye xaxa me, medo ɣli na nye Mawu be wòaɖem. Ese nye gbe tso eƒe gbedoxɔ me ke eye nye ɣlidodo ɖo egbɔ, ge ɖe eƒe to me.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 22:7
16 Referans Kwoze  

Tsiẽƒe ƒe kawo ƒo xlãm, eye ku ƒe adoboliwo va di kpem.


Tete meyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ be: Oo Yehowa, ɖe nye luʋɔ!


Mede towo ƒe agunu ke, eye anyigba do gameti ɖe nunye ɖikaa, ke èhe nye agbe tso do me, Yehowa, nye Mawu!


Mɔzɔha. Meyɔ Yehowa le nye xexe me, eye wòɖo tom.


Eye Yehowa gblɔ bena: Mekpɔ alesi wole nye dukɔ tem ɖe anyi le Egipte keŋ, eye mese woƒe ɣli, si wodo, be yewoavo atso yewo dzikpɔlawo si me la; ẽ, menya woƒe fukpekpewo.


Ke Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me; anyigba blibo la nezi ɖoɖoe le eŋku me.


Amesiwo tsɔ ŋku ɖo eŋu la, dzidzɔ ɖo mo na wo, eye woƒe mo metsi ɖã o.


Nu ɖeka mebia Yehowa, esi le dzroyem, be manɔ Yehowa ƒe me le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye makpa Yehowa ƒe vivisesewo katã kple ŋku, eye mayi tame le eƒe gbeɖoxɔ me.


Kpɔ ɖa, dɔwɔla, siwo ŋe miaƒe agblemenuwo la ƒe fetu, si miegbe wo nana la, le ɣli dom, eye nuŋelawo ƒe ɣlidodoawo va Zebaot, Aƒetɔ la, ƒe towo me.


Amesi tso gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo le eƒe ŋutilã me nono ƒe ŋkekewo me hekpe ɖe ɣlidodo sesĩ kple aɖatsiwo ŋu va amesi te ŋu xɔe tso ku me la gbɔ, eye wòɖo toe le esi wòvɔ̃a Mawu la ŋuti;


Etsɔm ƒu gbe ɖe to gɔme, le atsiaƒu titina, tsi sisiwo ɖe to ɖem, eye wò tsi kpakpawo katã kple wò tsi tsotsoewo to tanye yi.


Eye le eƒe ʋiʋli me la edo gbe ɖa vevie gawu, eye wòva ve me bena, eƒe fifia le abe ʋukɔwo ene hele gegem ɖe anyigba toŋtoŋ.


Tete wodo ɣli na Yehowa le woƒe hiã me; eɖe wo tso woƒe xaxa me


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite