Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 21:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye Yisbi tso Nob, amesi nye ame dzɔtsuwo ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka, di be, yeawu Dawid. Eƒe akplɔ ƒe kpekpeme le akɔbli sekel alafa etɔ̃, eye wòkpla aʋawɔnu yeye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Filistitɔwo ƒe ame dzɔatsu aɖe si nye Rafa ƒe dzidzimevi, Isbi Benob, ame si ƒe akplɔ ƒe akɔbliteƒe kpe wu kilogram wuieve la, do gawu yeye aɖe hã. Egblɔ be yele David wu ge.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 21:16
20 Referans Kwoze  

Wogawɔ aʋa le Gat, eye ame dzɔtsua de to asi ade kple afɔ ade; wo katã le blave vɔ ene; eye eya hã tso ame dzɔtsuwo ƒe dzidzime.


Eye wòva me emegbe be, wowɔ aʋa kple Filistitowo le Gob. Ɣemaɣi Xusatilɔ Sipai wu Saf, si tso ame dzɔtsuwo ƒe dzidzimeviwo dome.


Ame ene siawo tso ame dzɔtsuwo ƒe dzidzime le Gat, eye wotsi Dawid kple eƒe dɔlawo si me.


Eye Filistitɔwo va kaka ɖe Refaim-bali la me.


dukɔ, siwo nye Enak-viwo, wosɔ gbɔ, eye wodzɔ atsu, amesiwo wò ŋutɔ nènya kple amesiwo ŋu nèse nya le bena: Ameka ate ŋu ano te ɖe Enak-viwo nu?


Og, Basan-fia, enye ame dzɔtsu mlɔetɔ, si kpɔtɔ ɖi; eƒe gabati, si le Amon-viwo ƒe du Rabat me la, didi ŋutsu ƒe abɔklugui asieke, eye wòkeke abɔklugui ene.


wonye dukɔ gã, wòsɔ gbɔ, eye wodzo atsu abe Enakitɔwo ene, eye Yehowa tsrɔ̃ wo le wo ŋgɔ, wonyã wo, eye wònɔ wo teƒe,


Tsã la Emitɔwo nɔ afima, amesiwo nye dukɔ gã, wòsɔ gbɔ, eye wodzɔ atsu abe Enakitɔwo ene.


Afika gɔ̃ yi ge míala? Mía nɔviwo ɖe dzi le mía ƒo gblɔ bena: Dukɔ la sɔ gbɔ, eye wodzo atsu wu mi, duawo lolo, eye woɖo gli ɖe wo ŋu ɖatɔ dziƒo, eye míekpɔ Enak-viwo hã le afima.


Le ƒe wuienelia me Kedorlaomer kple fia, siwo kpe ɖe eŋuti la, va si Refaitɔwo le Astarot-Kamayim, Zuzitɔwo le Ham, Emitɔwo le Kiryatayim-gbadzaƒe


Le ŋkeke mawo me la ame dzɔtsuwo le anyigba dzi; eye esi Mawu viŋutsuwo ɖe amegbetɔwo ƒe vinyɔnuwo, eye wodzi vi na wo megbe la hã wogale; woawo nye ame kako ŋkɔxɔla, siwo nɔ agbe le blema.


Woɖo ta dziehe vaseɖe Xebron, afisi Aximan, Sesai kple Talmai, amesiwo nye Enak viwo nɔ. Ke wotso Xebron ƒe adre megbe, hafi wova tso Zoan le Egipte.


negbe dukɔ, si le anyigba la dzi, koe kako, woƒe duwo sesẽ, eye wololo, eye míekpɔ Enak viwo hã le afima.


Eye Kaleb nyã Enakitɔ etɔ̃ Sesai, Aximan kple Talmai, amesiwo Enak ŋutɔ dzi la ɖa tso afima.


Wobu woawo hã ɖe ame dzɔtsuwo me abe Enakitɔwo ene, eye Moabitɔwo yɔ wo be Emitɔwo.


Enakitɔa ɖeke mekpɔtɔ ɖe Israel-viwo ƒe anyigba dzi o, negbe Gaza, Gad kple Asdod ko ɖewo susɔ ɖo.


Eƒe akplɔ ƒe ati le abe abaladoti ene, eye akplɔ la ŋuta kpe gayibɔ sekel alafa ade, eye akpoxɔnutsɔla zɔ eŋgɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite