Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 21:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Tete Aya vinyɔnu Rizpa tsɔ akpanya keke ɖe agakpe la dzi tso nuŋeɣi ƒe gɔmedzedze, vaseɖe esime tsi dza tso dziƒo ɖe wodzi; eye mena dziƒoxewo dze ɖe wo dzi le ŋkeke me, alo gbemelãwo va wo gbɔ le zã me o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Rizpa, Aya ƒe vinyɔnu, ame si nye ŋutsu eveawo dada la keke akpanya ɖe agakpe aɖe dzi eye wònɔ afi ma le viawo ƒe kukuawo gbɔ tso nuxaɣi va se ɖe tsidzaŋɔli la, ale be akagawo mavuvu wo le ŋkeke me o eye lã wɔadãwo hã maɖu wo le zã me o.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 21:10
19 Referans Kwoze  

ekema megagblẽ eƒe kukua ɖi ŋu nake ɖe edzi o, ke boŋ naɖu gbemagbe ke, elabena Mawu ƒo fi ɖe amesi wode kae ɖe ati ŋu la, eye megagblẽ ko ɖo na anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu la o.


Mibia tsidzadza Yehowa; Yehowa ye nana tsi dzana ɖe edza ɣi le kele me, enana dzi ɖona, eye tsi dzana na gbe me numiemiewo kalã


Mi Zion-viwo, mitso aseye, ne miakpo dzidzɔ ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu; elabena atso tsidzadza ayra mi, ana adatsi kple keletsi nadza ɖe mia dzi abe tsa ene.


Esi Axab se nya siawo la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya, etsi nu dɔ, eye wòtsi akpanya me dɔ, eye wòle yiyim kpokpokpo.


Ahiãa ɖe nɔ Saul si, eŋkɔ nye Rizpa, Aya vinyɔnu. Eye Is-Boset gblɔ na Abner bena: Nukaŋuti nède fofonye ƒe ahiã gbɔ?


Lãwo le xɔxlɔ̃m, eye nyihawo le tsa glãla tsam, elabena gbeɖuƒea ɖeke meli na wo o; nu ti kɔ na alẽhawo hã.


Ele dodo ge kokoko abe agudzedze ene, eye ele vava ge na mí abe tsidzadza ene, abe keletsi, si ƒoa anyigba ene.


Mia kple wò aʋakɔ blibo la kple dukɔ, siwo katã kpe ɖe ŋuwò la, miatsi Israel-towo dzi; eye matsɔ wò ana xe ƒonuwo, lã, siwo katã to aʋala, kple gbemelãwo, ne woaɖu.


Ɖe tsinala le dukɔwo ƒe trɔ wo domea, eye ɖe dziƒo ate ŋu ana tsi nadza? De menye wò Yehowa ye nye mía Mawu oa? Asiwò nu kpɔm miele, elabena wòe wɔ nusiawo katã!


Eyome wòaɖe avɔ, si le eŋu, hafi woɖe aboyoe la ɖi, eye wòatsi aƒewò me; woafa fofoa kple dada ɣleti ɖeka sɔŋ, emegbe nayi egbɔ aɖee wòazu srɔ̃wò.


ekema mana ada kple kele nadza ɖe miaƒe anyigba dzi le edzaɣi, eye aƒo bli, wein kple ami nu ƒu;


Eye Filistitɔ la gblɔ na Dawid bena: Va gbɔnye, ne matsɔ wò dã na dziƒoxewo kple gbemelãwo!


Le ŋkeke etɔ̃agbe la Farao atso ta le nuwo, eye woahe wò ɖe ati ŋu, eye xeviwo ava ɖu wò ŋutilã.


Yehowa atsɔ wò ade asi nam egbea, eye mawu wò atso ta le nuwò, eye matsɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la ƒe kukuwo ana dziƒoxewo kple anyigba dzi lãwo egbe sia, ne anyigba blibo la nadze sii bena, Mawua de li na Israel;


Esi wogblɔ nusi Aya vinyɔnu Rizpa, Saul ƒe ahiã wɔ, na Dawid la.


Eye ne amea ɖe wo nua ɖe, si dze ku, eye wowui, eye nède kae ɖe ati ŋu la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite