Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 20:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye yakamea ɖe le afima, si ŋkɔ nye Seba, Bixri vi, eye wònye Benyamintɔ; eku kpẽ gblɔ bena: Gomea ɖeke mele Dawid gbɔ na mi o, eye domenyinu ɖeke mele Isai vi la si na mi o. Israel lee, mia dome amesiame neyi eƒe agbadɔ me!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Seba nye yakame aɖe eye wòganye Bikri, Benyamintɔ la ƒe vi. Eku kpẽ eye wòdo ɣli be, “Migbugbɔ le David yome! Migadze eyome o, Israel ŋutsuwo, mina míadzo: menye míaƒe fiae o!”

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 20:1
31 Referans Kwoze  

Esi Israel blibo la kpɔ bena, fia la mese woƒe gbe o la, dukɔ la ɖo ŋu na fia la bena: Gome ka le Dawid gbɔ na mí, eye domenyinu ka le Isai vi la gbɔ na mi? Israel, yi wò agbadɔ me! Dawid, kpɔ wò aƒe gbɔ! Eye Israel dzo yi eƒe agbadɔ me.


Esi Israel blibo la kpɔ bena, fia la mese yewoƒe gbe o la, dukɔ la ɖo ŋu na fia la bena: Gome ka le Dawid gbɔ na mí, eye domenyinu ka le Isai vi la gbɔ na mi? Israel, amesiame neyi eƒe agbadɔ me! Azɔ Dawid, kpɔ wò aƒe gbɔ! Eye Israel blibo la yi woƒe agbadɔwo me.


Ne èse le du, siwo Yehowa, wò Mawu, le na wò ge nanɔ me la, dometɔ ɖeka ŋu be,


Gake nye ketɔ ma, siwo melɔ̃ be, maɖu fia ɖe wo dzi o la, atikplɔ wo va afii, eye miwu wo le ŋkunye me.


Ke eƒe dumetɔwo lé fui, eye wodɔ ame ɖe eyome gblɔ bena: Mielɔ̃ bena, amesia naɖu fia ɖe mia dzi o.


Aka nyia dzo, eye nake doa dzo, nenema ŋutsu dzretɔ traa dzre ɖoe.


Megatsi klokloklo dzi de dzrewɔwɔ ŋu o, elabena nuka nawɔ emegbe, ne hawòvi do ŋukpe wòa?


Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu le gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.


Yehowa, tso, naɖakpe wo, ƒu wo anyi, eye ɖe nye agbe tso ame vɔ̃ɖi la si me kple wò yi,


Tete fía Rexabeam de adaŋu kple ame tsitsi, siwo nɔ fofoa Salomo ŋu le eƒe agbenɔɣi, gblɔ bena: Adaŋu ka miaɖo, be woatsɔ aɖo ŋu na dukɔ sia?


Ke yakamewo katã le abe ŋu, siwo wotsɔna ƒua gbe, eye womeɖea asi wo ŋu o la ene;


Eye Absalom dɔ ŋkutsalawo ɖo ɖe Israel-toawo katã me bena: Ne kpẽ ɖi miese la, ekema migblɔ be: Absalom zu fia le Xebron!


Tete ame vlo kple yakame, siwo katã le ŋutsu, siwo de kple Dawid dome la gblɔ bena: Esi woawo mede kpli mí o la, eyata miana aboyonu, siwo míexɔ la, ƒe ɖeke wo o; ke boŋ wo dome amesiame nekplɔ srɔ̃a kple viawo ko, ne wòayi!


Ke Eli viŋutsuwo nye ame vlowo, eye wometsɔ ɖeke le Yehowa ƒe nya


Ke esi woƒe dzi gbo ɖe me la, tete duametɔwo, siwo nye ame vlowo la, va ɖe to ɖe aƒe la hele agbo la ƒom, eye wogblɔ na ame tsitsi, si nye aƒeatɔ, bena: Kplɔ ŋutsu, si va dze aƒewò me la ɖoe, ne míanyãe!


Eye esi wògbɔ la, eku kpẽ le Efrayim-to dzi, tete Israel-viwo ɖi tso towo dzi va kpe ta ɖe eŋu, eye eya ŋutɔ dze wo ŋgɔ.


Petro gblɔ nɛ bena: Wò la màklɔ nye afɔwo ŋuti akpɔ o. Yesu xɔ dzi ne bena: Ne nyemeklɔe na wò o la, ekema mele gomea ɖeke kpɔ ge le gbɔnye o.


Benyamin viŋutsuwo nye Bela, Bexer, Asbel, Gera, Naaman, Exi, Ros, Mupim, Xupim kple Ard.


Saul tia ame akpe etɔ̃ tso Israel. Ame akpe eve le Saul ŋu le Mixmas kple Betel-to dzi, eye ame akpe ɖeka le Yonatan ŋu le Gibea-Benyamin; ke eɖe asi le dukɔ la ƒe ame mamleawo ŋu, amesiame yi eƒe agbadɔ me.


Eye Simei le ɖiŋu dom le gbɔgblɔm be: Dzo, dzo, wò hlɔ̃me kple ame vɔ̃ɖi!


Eye wotsɔ Absalom ƒu gbe ɖe do gãa ɖe me le avea me, eye wofa kpe li ko gãa ɖe ɖe edzi, eye Israel blibo ta dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me.


Tete Israel-ŋutsuwo katã tu le Dawid ŋu hedze Seba, Bixri vi la yome. Ke Yuda-ŋutsuwo ku ɖe woƒe fia la ŋu tso Yordan nu vaseɖe Yerusalem.


Eye nyɔnu la va dukɔ blibo la gbɔ kple eƒe aɖaŋudzedze la, eye wotso ta le Seba, Bixri vi la nu tsɔ ƒu gbe ɖe Yoab. Tete woku kpẽ, eye woka le du la ŋu, eye amesiame yi ɖe eƒe agbadɔ me. Emegbe Yoab gbugbɔ va fia la gbɔ le Yerusalem.


Eye mitsɔ yakame eve ɖo ekasa, amesiwo anɔ ɖase ɖim le eŋu anɔ gbɔgblɔm bena: Edo ɖiŋu na Mawu kple fia la! Emegbe miakplɔe ado goe aɖaƒu kpee wòaku.


Tete wòyi ɖafɔe le agble me le nuxalawo yome; eye nanetɔe agble la nye Boas, si tso Elimelex-ƒomea me la tɔ.


Eye Dawid gblɔ na Abisai kple eƒe dɔlawo katã bena: Kpɔ ɖa, vinye, si do tso nye ali me la, le nye ku dim; aleke wɔ Benyamintɔ mahadii oa? Mina, ne wòado ɖiŋu ko, elabena Yehowae gblɔe nɛ!


Eye ne fiaduƒe mã de ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ekema fiaduƒe ma mate ŋu anɔ anyi o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite