Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 2:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke migana miaƒe asi nado agblɔ o, eye miwɔ ŋutsu, elabena miaƒe aƒetɔ Saul ku, eye Yuda ƒe aƒe la si ami nam, be maɖu fia ɖe wo dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Azɔ la, mele biabiam tso mia si be esi Saul ku la, mianye nye ame sesẽwo, eye miawɔ nuteƒe nam. Minɔ abe Yuda ƒe viwo, ame siwo tsɔm ɖo woƒe Fia yeye ene.”

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 2:7
12 Referans Kwoze  

Mlɔeba la, nɔvinyewo, mise ŋu le Aƒetɔ kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutete la me!


Lé dzi de ƒo, eye na míasẽ ŋu na míaƒe dukɔ kple mía Mawu ƒe du la; eye Yehowa awɔ nusi dze eŋu!


tete ŋutsu kalẽtɔwo dze mɔ zɔ zã blibo la ɖaɖe Saul kple viaŋutsuwo ƒe kukuawo le gli ŋu le Bet-San, eye wova Yabes hetɔ dzo wo le afima.


Esi Israel-ŋutsu, siwo le bali la ƒe go keme kple Yordan ƒe go keme dzi, kpɔ bena, Israel-ŋutsuwo si, eye Saul kple viaŋutsuwo ku la, wogblẽ woƒe duwo ɖi hesi, eye Filistitɔwo va nɔ wo me.


Milé dzi ɖe ƒo, eye miwɔ ŋutsu, mi Filistitɔwo, ne miaganye kluvi na Hebritɔwo, abe alesi wonye kluvi na mi tsã ene o! Eyata miwɔ ŋutsu, eye miwɔ aʋa!


Le nya siawo megbe la Abram se Yehowa ƒe nya le ŋutega me bena Abram, megavɔ̃ o; nye enye wò akpoxɔnu; wò fetu sɔ gbɔ ŋutɔ.


Minɔ ŋudzɔ, minɔ tsitre le xɔse me, miwo ŋutsu, eye mise ŋu!


Eyata Yehowa ave mia nu, eye wòaɖi anukware na mi, eye nye hã mawɔ nyui sia tɔgbe na mi, le esi miewɔ nusia la.


Ke Saul ƒe aʋafia Abner, Ner vi, kplɔ Saul vi Is-Boset yi Maxanayim,


Megblɔ nye Mawu ƒe asi nyui, si le dzinye la na wo, eye meto fiaƒe nya, siwo wògblɔ nam la hã na wo. Tete wogblɔ bena: Míatso, eye míaɖo wo! Ale wodo ŋusẽ woƒe asiwo ɖe dɔ nyui la wɔwɔ ŋu.


Ale Israel-amegãwo katã va fia la gbɔ le Xebron, eye fia Dawid bla nu kpli wo le Xebron le Yehowa ŋku me, eye wosi ami na Dawid, ne woaɖu fia ɖe Israel dzi.


Tete wòkplɔ fiavi la do goe hetsɔ fiakuku la ɖɔ ne, eye wotsɔ se la de asi nɛ, eye wòɖoe fia hesi ami nɛ; tete woƒu akpe hedo ɣli bena: Fia nenɔ agbe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite