Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 2:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Tete Yuda-ŋutsuwo va, eye wosi ami na Dawid le afima, ne woaɖu fia ɖe Yuda ƒe aƒe la dzi. Eye wova gblɔ na Dawid bena: Yabes-Gileadtɔwoe nye amesiwo ɖi Saul.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Yuda ƒe kplɔlawo va ɖo David fiae ɖe Yuda ƒe dukɔ ƒoƒuwo nu. Esi David se be Yabes Gileadtɔwo ɖi Saul la,

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 2:4
16 Referans Kwoze  

Eɖu fia ɖe Yuda dzi le Xebron ƒe adre kple dzinu ade, eye wòɖu fia ɖe Israel blibo la kple Yuda dzi le Yerusalem ƒe blaetɔ̃ va etɔ̃.


Ale Israel-amegãwo katã va fia la gbɔ le Xebron, eye fia Dawid bla nu kpli wo le Xebron le Yehowa ŋku me, eye wosi ami na Dawid, ne woaɖu fia ɖe Israel dzi.


Tete Israel-ame tsitsiwo va fia la gbɔ le Xebron, eye Dawid bla nu kpli wo le Yehowa ŋku me le Xebron, eye wòsi ami na Dawid heɖo fiae de Israel dzi le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Samuel dzi la nu.


Tete Samuel tsɔ lãdzo, si me ami le, eye wòsi ami nɛ le nɔviawo dome. Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ va Dawid dzi tso gbemagbe dzi. Eye Samuel dze mo yi Rama.


Eye kpɔ ɖa, Israel-ŋutsuwo katã va fia la gbɔ, eye wogblɔ na fia la bena: Nukaŋuti ma nɔvi Yuda-ŋutsuwo fi wò dzoe, eye wokplɔ fia la kple eƒemetɔwo yi Yordan godo, eye Dawid ƒe ŋutsuwo katã kpe ɖe eŋu?


Ke Absalom, amesi míesi ami na heɖo fiae ɖe mía nu la, tsi aʋa. Azɔ nukaŋuti miele hehem ɖe megbe le fia la kpɔkplɔ gbɔe me?


Tete Filistitowo se bena, wosi ami na Dawid heɖo fiae ɖe Israel dzi, eye Filistitɔwo katã ho, bena woadi Dawid. Eye esi Dawid see la, eyi mɔ̃ la me.


Ŋkeke, siwo Dawid ɖu fia le Xebron de Yuda ƒe aƒea dzi la, le ƒe adre kple dzinu ade.


Ke migana miaƒe asi nado agblɔ o, eye miwɔ ŋutsu, elabena miaƒe aƒetɔ Saul ku, eye Yuda ƒe aƒe la si ami nam, be maɖu fia ɖe wo dzi.


Amesiwo bla akpa ɖe aʋawɔwɔ ŋu, eye wova Dawid gbɔ le Xebron, ne woagbugbɔ Saul ƒe fiaɖuƒe la nɛ le Yehowa ƒe nya nu la, ƒe xexlẽme enye si:


Esi wogblɔ nusi Aya vinyɔnu Rizpa, Saul ƒe ahiã wɔ, na Dawid la.


Dawid yi ɖaxɔ Saul kple via Yonatan ƒe ƒuwo, siwo Yabes-Gileadtɔwo yi ɖafi le Bet-San ƒe ablɔ me, afisi Filistitɔwo tsɔ wo va ku ɖo, le gbesigbe Filistitɔwo wu Saul le Gilboa la, le wo si.


Tete wòkplɔ fiavi la do goe hetsɔ fiakuku la ɖɔ ne, eye wotsɔ se la de asi nɛ, eye wòɖoe fia hesi ami nɛ; tete woƒu akpe hedo ɣli bena: Fia nenɔ agbe!


Esi Yabes-Gileadtɔwo katã se nusiwo keŋ Filistitɔwo wɔ Saul la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite