Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 19:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Fia la tsyɔ nu ŋku me, eye fia la do ɣli kple gbe sesi bena: Vinye Absalom, vinye Absalom, vinye!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Yoab yi Fia la gbɔ le eƒe xɔ me eye wògblɔ nɛ be, “Míeɖe wò ŋutɔ, viwò ŋutsuwo, viwò nyɔnuwo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãviwo ƒe agbe egbe, ke èle nu wɔm ale eye nèna ŋukpe lé mí abe vo aɖee míeda ene.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 19:5
9 Referans Kwoze  

Tso, Yehowa, nye Mawu, xɔ nam! Elabena wòe ƒo tome na nye futɔwo katã, eye nʋŋe aɖu na ame vɔ̃ɖiwo.


Eyata nètsɔ wo de asi na woƒe ketɔwo, eye woxaxa wo ɖo; woɖo ɣli na wò le woƒe xaxaɣi la me, eye nèsee le dziƒo heɖo xanametɔwo na wo le wò nublanuikpɔkpɔ gã la nu, amesiwo ɖe wo tso woƒe ketɔwo si me.


Ke nye la ɖevi dzaa menye, hafi wòsi ami nam menye fia. Ke Zeruya vi siawo tri akɔ wum. Yehowa naɖo vɔ̃ eteƒe na nuawɔla ɖe eƒe nu vɔ̃ɖi wowɔ la nu!


Eve aʋakɔ la zɔ minyaminya va yi ɖe du la me, abe alesi aʋakɔ, si ɖu ŋukpe, zɔna nunya nunya, ne esi le aʋa nu la ene.


Tete Yoab yi ɖe fia la gbɔ le xɔa me gblɔ bena: Ede ŋukpe mo na wò dɔlawo katã, amesiwo xɔ mia kple viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãwo ɖe agbe egbea:


Nɔvinyewo míenye, nye ƒu kple nye ŋutilã míenye; nukaŋuti miehe, yewoanye ame mlɔetɔ, siwo ava kplɔ fia la?


Eye Dawid lia amiti-togbɛ la, eye wòle avi fam le yiyim; etsyɔ nu ta, eye wòzɔ afɔ ƒuƒlu; ameha blibo, si le eŋu la, dometɔ ɖesiaɖe tsyo nu ta, eye wolia to la hele avi fam le yiyim.


Eye wotsɔ Absalom ƒu gbe ɖe do gãa ɖe me le avea me, eye wofa kpe li ko gãa ɖe ɖe edzi, eye Israel blibo ta dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite