Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 18:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye Absalom va ƒo go Dawid ƒe dolawo Absalom do tedzisɔ, eye tedzisɔ la va to klẽti gãa ɖe, si vu alo dranyi la te, eye eƒe ta tsi klẽti la ŋu, eye wòle nyenyem le anyigba kple dziƒo dome; ke tedzisɔ la do le ete dzo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Le aʋa la me la, Absalom va do go David ƒe amewo. Esi Absalom nɔ eƒe tedzisɔ dzi si yina la, tedzisɔa to logoti aɖe ƒe alɔdzewo te eye eƒe taɖa ku alɔdze aɖe. Tedzisɔ la si dzo, do le ete le esime eya ŋutɔ tsi ɖe alɔdze la ŋu henɔ nyenyem segblesegble le yame.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 18:9
18 Referans Kwoze  

Eye ne eko eƒe taɖa la, eƒe ɖa ɖaa sekel alafa eve le fia ƒe nudanu dzi. Ne ƒe sia ƒe trɔ la, ekoa ta; elabena ekpe ne akpa, eyata wòkonɛ.


Ŋku, si ɖea alɔme le fofoa ŋu, eye mebua dada ɖe naneke me o la, akpaviãwo ahoe le to me le tɔʋu to, eye hɔ̃viwo aɖui.


Ɖe gbegblẽ mevaa ame vɔ̃ɖi dzi, eye dzɔgbevɔ̃e vaa nu vɔ̃ɖi wɔlawo dzi oa?


Kristo xe fe ɖe mia ta heɖe mí tso se la ƒe fiƒode la me, esi wòva zu fiƒode le mía ta; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Woƒo fi de amesiame, si wohe ɖe ati ŋu la,“


Elabena Mose gblɔ bena: „Bu fofowò kple dawo; eye amesi ke gblɔa nya vɔ̃ ɖe fofoa kple dadaa ŋuti la, ku ke woaku;“


Amesi si le ŋɔdzi nu la, age adze ʋe me, eye amesi do le ʋe me la, mɔ̃ka aɖee. Elabena Yehowa be: Mahe toheɣi avae na Moab.


Amesi ado ɖiŋu na fofoa kple dada la, eƒe akaɖi atsi le blukɔ tsiɖitsiɖi me.


Tete Yoab gblɔ bena: Nyematɔ ɖe gbɔwò didie o! Eye wòtsɔ akplɔ etɔ̃ ɖe asi ɖatɔ Absalom ƒe dzinu; ke esi wogale agbe le klẽtia ŋu ko la,


Esi Axitofel kpɔ be, womewɔ yeƒe adaŋudede dzi na ve o la, ebla akpa na tedzi, eye wodze mɔ yi eƒe me le wo de. Eye esi wòɖo eƒe me la, ede ka ve na eɖokui, eye wòku, eye woɖii ɖe fofoa ƒe yɔdo me.


Amesi de asi fofoa srɔ̃ ŋu la, aɖi eŋu; elabena eklo fofo ƒe avɔ! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


Amesi do vlo fofoa kple dada la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


ekema megagblẽ eƒe kukua ɖi ŋu nake ɖe edzi o, ke boŋ naɖu gbemagbe ke, elabena Mawu ƒo fi ɖe amesi wode kae ɖe ati ŋu la, eye megagblẽ ko ɖo na anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu la o.


Eye wòtso klosalo la ƒu gbe ɖe mawuxɔ la me hedzo, eye wòyi ɖade ka ve na eɖokui.


Eye Absalom ƒe ɖekakpuiawo wɔ Amnon, abe alesi Absalom de se ene. Tete fia viŋutsuawo katã tsi tre, eye wo dome amesiame do eƒe tedzi hesi.


Eye aʋa la kaka tso afima ɖe anyigba blibo la dzi, eye amesiwo tsi ave si la sa gbɔ wu esiwo tsi yi nu gbemagbe.


Eye ŋutsua ɖe kpɔe va gblɔ na Yoab bena: Kpɔ ɖa, mekpɔ Absalom wòtsi klẽtia ɖe ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite