Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 16:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Yehowa gbugbɔ Saul, amesi teƒe nèzu fia ɖo la, ƒe aƒe ƒe ʋu katã va dziwò, eye Yehowa tsɔ fiaɖuƒe la de asi na viwò Absalom; kpɔ ɖa, azɔ ège ɖe dzɔgbevɔ̃e me, elabena hlɔme nènye!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Yehowa xe fe na wò ɖe ʋu siwo katã nèkɔ ɖe anyi le Saul, ame si teƒe nèle fia ɖum le la ƒe aƒe me eya ta Yehowa xɔ fiaɖuƒe la na viwò Absalom. Ège ɖe dzɔgbevɔ̃e me elabena ènye hlɔ̃dola!”

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 16:8
18 Referans Kwoze  

Eye Dawid gblɔ nɛ bena: Wò ʋu anɔ wò ta dzi! Elabena wò ŋutɔ wò nue ɖi ɖase le ɖokuiwò ŋu gblɔ bena: Mewu Yehowa ƒe amesiamina la.


bena ne nu vlo, si wowɔ ɖe Yerub-Baal vi blaadreawo ŋu, kple woƒe ʋu nava wo nɔvi Abimelex, si wu wo, kple Sixemtɔwo, amesiwo de dzi ƒo nɛ wòwu nɔviawo la dzi.


elabena wòtrɔ ame kɔkɔewo kple nyagblɔɖilawo ƒe nu kɔ ɖe anyi, eye nètsɔ ʋu na wo, bena woano, eye wòdze wo nenema.


Ne meyɔ wò la, tɔ nam, nye dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu, wò amesi na alɔmeɖeƒem le xaxa me; ve nunye, eye nase nye gbedodoɖa!


Yehowa, aleke nye ketɔwo sɔ gbɔ ale! Ame geɖewo tso ɖe ŋunye.


eye wotsɔ wo de asi na Gibeontɔwo, eye wohe wo ɖe ati ŋu le to la dzi le Yehowa ŋku me, eye wo ame adre la ku zi ɖeka. Wowu wo le nuŋeɣi ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, esime wodze luŋeŋe gɔme.


Elabena wò dɔla nyae be, yewo nuvɔ̃, eye kpɔ ɖa, nyee nye ame gbãtɔ tso Yosef ƒe aƒe blibo la me va nye aƒetɔ fia la kpe ge egbea.


Eye do to le Dawid ŋɔli ƒe etɔ̃ sɔŋ Ira ɖe enu; eye Dawid do gbe ɖa na Yehowa. Tete Yehowa gblɔ bena: Saul kple eƒe aƒe la ɖe hlɔ̃fe, elabena ewu Gibeontɔwo.


Lé to ɖe ŋunye, eye natɔ nam; mele tsa glalã tsam le konyifafa me, eye mele hũ ɖem


Emegbe duwo yi, be woaɖe tsi fiaƒe me tɔwo, eye woawo, abe alesi wòdi ene. Tete Simei, Gera vi, de ta agu ɖe fia la ŋku me, esime wotso Yordan.


Kpɔ ɖa, Benyamintɔ Simei tso Baxurim le gbɔwò; eyae ɖi gbɔm vevie le gbesigbe meyina ɖe Maxanayim, ke eva kpem le Yordan nu, eye mefa Yehowa nɛ gblɔ bena: Nyemawu wò kple yi o.


Yehowa, nye Mawu, ne mewɔ nusia, nu tovo le ɖe asi ŋu nam,


Alesi atsutsure dzena, eye sagbadre saa agbae la, nenema nye tiƒoƒo de ame naneke mawɔmawɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite