Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 16:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye Simei le ɖiŋu dom le gbɔgblɔm be: Dzo, dzo, wò hlɔ̃me kple ame vɔ̃ɖi!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Simei ƒo fi de David kple ɣli be, “Bu le afi sia, bu le afi sia, wò hlɔ̃dola kple ame vɔ̃ɖi!

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 16:7
16 Referans Kwoze  

Gatsɔ wò xɔname do dzidzɔ nam, eye natsɔ gbɔgbɔ, si me lɔlɔ̃nu le le, lém ɖe asi!


Adegbeƒolawo menɔa te ɖe ŋkuwò me o; èléa fu nu vlo wɔlawo katã.


Emegbe yakame eve wova nɔ ekasa, eye yakameawo le ɖase ɖim le Nabot ŋu le dukɔ la ŋku me le gbɔgblɔm bena: Nabot do ɖiŋu na Mawu kple fia la! Eye wokplɔe do go yi dua godo ɖaƒu kpee wòku.


Eye mitsɔ yakame eve ɖo ekasa, amesiwo anɔ ɖase ɖim le eŋu anɔ gbɔgblɔm bena: Edo ɖiŋu na Mawu kple fia la! Emegbe miakplɔe ado goe aɖaƒu kpee wòaku.


Nukaŋuti nèdo vlo Yehowa ƒe gbe hewɔ nu vɔ̃ɖi sia le eƒe ŋku me? Ewu Uriya, Xititɔ la, kple yi, eye nèxɔ srɔ̃a ɖe; ke ètsɔ Amon-viwo ƒe yi wu eya ŋu tɔe.


Eye ameha la katã kple Israel blibo la dze sii gbemagbe bena: Abner, Ner vi la ƒe ku metso fia la gbɔ o.


Eyata bu ta me nadi nusi nawɔ, elabena woɖo vɔ̃ ɖe míaƒe aƒetɔ kple eƒe aƒe blibo la ŋu; ke eyama la ame vɔ̃ɖi wònye, eye amea ɖeke mekpɔ mɔ aƒo nu de egbɔ o


Ke Eli viŋutsuwo nye ame vlowo, eye wometsɔ ɖeke le Yehowa ƒe nya


Ne èse le du, siwo Yehowa, wò Mawu, le na wò ge nanɔ me la, dometɔ ɖeka ŋu be,


Eye wòfɔ kpe le Dawid kple fia Dawid ƒe dɔlawo katã kple ameha blibo la kpakple kalẽtɔ, siwo katã le eƒe ɖusi kple mia me la dam.


Elabena wò dɔla nyae be, yewo nuvɔ̃, eye kpɔ ɖa, nyee nye ame gbãtɔ tso Yosef ƒe aƒe blibo la me va nye aƒetɔ fia la kpe ge egbea.


Eye yakamea ɖe le afima, si ŋkɔ nye Seba, Bixri vi, eye wònye Benyamintɔ; eku kpẽ gblɔ bena: Gomea ɖeke mele Dawid gbɔ na mi o, eye domenyinu ɖeke mele Isai vi la si na mi o. Israel lee, mia dome amesiame neyi eƒe agbadɔ me!


Lé to ɖe ŋunye, eye natɔ nam; mele tsa glalã tsam le konyifafa me, eye mele hũ ɖem


Yehowa, aleke nye ketɔwo sɔ gbɔ ale! Ame geɖewo tso ɖe ŋunye.


le futɔ la ƒe gbe kple ame vɔ̃ɖi la ƒe ametete ɖe anyi ŋuti; elabena wolɔ gbegblẽ trɔ ɖe dzinye, eye wolé tum le dziku me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite