Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 16:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esi Dawid to toa ta me yi ʋee la, kpo ɖa, Mefiboset ƒe dɔla Ziba va kpee, eye tedzi eve, siwo wòbia akpa na, eye wotsɔ abolo bɔbɔ alafa eve, weintsetse ƒuƒu bolo alafa ɖeka kple wein lãgbalẽgolo ɖeka do agba ɖe wo dzi la, kpe ɖe eŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Esi David to toa tame yina sẽe ko la, Ziba, ame si nye Mefiboset ƒe aƒedzikpɔla la va tui. Etsɔ abolo alafa eve, waintsetse ƒuƒu ka alafa ɖeka, waintsetse mumu kpo alafa ɖeka kple wain adzafi sue ɖeka ɖe tedzi eve dzi vɛ.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 16:1
17 Referans Kwoze  

Tete Abigail wɔ kaba tsɔ abolo alafa eve, wein lãgbalẽgolo eve, alẽ atɔ̃, siwo woɖa, bli tɔtɔe dzidzenu atɔ̃, weintsetse ƒuƒu bolo alafa ɖeka kple gbotsetsebolo alafa eve, eye wotso wo ɖo tedziwo dzi.


Esi Dawid va ɖo toa ta me, afisi woɖoa gbe ɖa na Mawu le la, kpɔ ɖa, Xusai, Arkitɔ la, le awu vuvu me, eye ke le ta me nɛ wòva kpee.


Eye Aƒetɔ Yehowa na mekpɔ ŋutega, kpo ɖa, kutsetse ɖiɖiwo yɔ kusia ɖe fũ.


Tete Yudatɔwo katã trɔ gbɔ tso teƒe, siwo katã wokaka hlẽ ɖo la, heva Yuda-nyigba dzi le Gedalya gbɔ le Mizpa, eye woƒo wein kple kutsetse nu ƒu kpaŋkpaŋ.


Ke nye la manɔ Mizpa, ne matsi tre de Kaldeatɔ, siwo ava mía gbɔ la ŋku me. Miawo la miƒo wein, kutsetse kple ami nu ƒu tsɔ ɖe miaƒe nuwo me, eye minɔ miaƒe du, siwo miexɔ la me.


Eye amesiwo tsɔ ɖe wo gbɔ kpuie va ke ɖe Isaxar, Zebulon kple Naftali la, wotsɔ abolowo ɖo tedziwo, kposɔwo, tedzisɔwo kple nyiwo dzi vɛ, wohe nuɖuɖu, siwo wotsɔ wɔ ɖae, gbotitsetsebolo kple weintsetsebolo, wein kple ami, nyiwo kple alẽwo vɛ kpaŋkpaŋ, elabena dzidzɔ nɔ Israel.


Gileadtɔ Barsilai hã tso Roglim va, eye eya kple fia wotso Yordan, be yeakplɔe aɖo ɖe Yordan godo.


Eye Dawid lia amiti-togbɛ la, eye wòle avi fam le yiyim; etsyɔ nu ta, eye wòzɔ afɔ ƒuƒlu; ameha blibo, si le eŋu la, dometɔ ɖesiaɖe tsyo nu ta, eye wolia to la hele avi fam le yiyim.


Tete Isai kple tedzi ɖeka, eye wòtsɔ abolo kple wein lãgbalẽgolo ɖeka kpa kple gbɔ̃vi ɖeka de via Dawid si ɖo ɖe Saul.


Ne eyi azɔlia dzi tso afima va ɖo logotiwo gbɔ le Tabor la, ekema akpe ŋutsu etɔ̃ le afima, siwo yina ɖe Mawu gbɔ le Betel; ɖeka lé gbɔvi etɔ̃ ɖe ta, evelia tsɔ abolo bɔbɔ etɔ̃, eye etɔ̃lia kpla wein lãgbalẽgolo ɖeka.


Baba nam! Elabena ezu nam, abe alesi kutsetsegbeɣi kple weiuxaɣl nu yinae ene: weintsetsea ɖeke meli, ne woaɖu o, eye nye ve me le fiefiẽm ɖe kutsetse ŋgɔgbea ŋu.


Amegbetɔ ƒe nunana naa alɔmeɖeƒee, eye wòkplɔnɛ yia ame ŋkutawo ŋku mee.


Tete Benyamintɔ Simei, si nye Gera vi tso Baxurim, wɔ kaba yi kple Yuda-ŋutsuwo, be yeaɖakpe fia Dawid.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite