Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 15:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Elabena esi menɔ Gesur le Aram la, wò dɔla ɖe adzɔgbe bena: Ne Yehowa gakplɔm yi Yerusalem la, ekema miasubɔ Yehowa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Esi wò subɔla nɔ Gesur le Aram la, meɖe adzɔgbe be, ‘Ne Yehowa akplɔm maɖo Yerusalem la, masubɔ Yehowa le Hebron.’ ”

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 15:8
14 Referans Kwoze  

Eye wòɖe adzɔgbe gblɔ bena: Yehowa Zebaot, ne ekpɔ wò dɔlanyɔnu ƒe hiã ɖa, eye nèɖo ŋku wò dɔlanyɔnu dzi, mèŋlɔe be o, eye nena ŋutsuvi wò dɔlanyɔnu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, eye talũhɛ made ta ŋu nɛ o!


Elabena mia ŋutɔwoe ɖu mia ɖokui be, mieɖom ɖe Yehowa, mia Mawu la gbɔ gblɔ bena: Ɖe kuku na Yehowa, mía Mawu la, na mí, eye alesi tututu Yehowa, mía Mawu la, agblɔ la, nenema nagblɔ na mi, ne miawo.


Elabena miegblɔ be: Míebla nu kple ku, eye mie ɖu dzo kple tsieƒe. Atam, si le nyènyem le yiyim la, mava mía gbɔ o, elabena míetsɔ aʋatso wɔ míaƒe sitsoƒee, eye míebe de alakpa gbɔ.


Ne méɖe adzɔgbe kura o la, enye wu esi naɖe adzɔgbe, eye mãwɔ edzi o.


Mawu ŋu mele ŋu ɖom ɖo, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma?


Absalom ɖo ŋu na Yoab bena: Kpɔ ɖa, medo ame ɖe wò be: va, ne made gbe asi na wò aɖo ɖe fia la bena: Nukaŋuti metso Gesur va? Ɖe metsi afima la, ne nyo nam wu! Azɔ meɖi be, makpɔ fia la ŋku me; eye ne vodadaa ɖe le ŋunye la, ekema newum!


Tete Yoab dze mɔ yi Gesur, eye wòkplɔ Absalom va Yerusalem.


Samuel do ŋu bena: Aleke mawɔ ate ŋui? Ne Saul see la, awum. Yehowa gblɔ bena: Kplɔ nyivi ɖeka ɖe asi, eye nagblɔ be: Vɔ sa ge meva na Yehowa.


Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia, amesi subɔ ge míala, egbea: eɖanye mawu, siwo mia fofowo subɔ le tɔsisi la godo, alo Amoritɔ, siwo ƒe anyigba dzi miele la, ƒe mawuwo o. Ke mía kple nye aƒe ya miasubɔ Yehowa!


Evia evelia nye Xileab, si nye Karmeltɔ, Nabal srɔ̃ Abigail tɔ; etɔ̃lia nye Absalom, si nye Gesur-fia, Talmai ƒe vinyɔnu Maaxa ƒe vi.


Fia gblɔ nɛ bena: Yi le ŋutifafa me! Tete wòdze mɔ heyi Xebron.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite