Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 13:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Yonadab gblɔ ne bena: Yi ɖamlɔ wò aba dzi, eye nalé kpɔ̃dɔ; eye ne fofowò va kpɔ wò ge ɖa la, ekema gblɔ ne bena: Na nɔvinye Tamar nava na nuɖuɖum! Ne eva ɖa nua le ŋkunye me mekpɔ la, ekema maɖu nua le esi me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Yonadab gblɔ nɛ be, “Enyo, magblɔ nu si nàwɔ la na wò. Yi ɖamlɔ anyi eye nàwɔ abe ɖe nèdze dɔ ene. Ne fofowò va be yeakpɔ wò ɖa la, gblɔ nɛ be wòana Tamar nava wɔ nuɖuɖu aɖe na ye. Na wòanya be yeahaya ne Tamar va ɖa nu na ye.”

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 13:5
8 Referans Kwoze  

Eyaŋuti azɔ la miawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo mina aʋafia gã la nanyae, bena wòakplɔe aɖi va mia gbɔ, abe ɖe miele eƒe nya la gɔme bia ge ase tsitotsito awu tsãtɔ ene, eye miawo la miesu te bena, hafi wòate va la, miawui.


Vinye, ne àse nyagbename vɔ, hafi ava te ɖa le sidzedze ƒe nyawo ŋu la, ekema dzudzɔe dzro.


Axitofel gblɔ na Absalom bena: Yi fofowò ƒe ahiã, tsiwo wogblẽ ɖe megbe, be woakpɔ aƒea dzi la gbɔ; eye ne Israel blibo la se be, mia kple fofowò dome gblẽ la, ekema ŋusẽ aɖo alɔ me na amesiwo katã le ŋuwò!


Eye wògblɔ nɛ bena: Fia vi, nukaŋuti nèle ku ɖim gbesiagbe ale? Màgblɔe nam oa? Tete Amnon gblɔ nɛ bena: Absalom nɔvinyɔnu Tamar ƒe nue lé dzi nam.


Eye Amnon mlɔ anyi le kpɔ̃dɔ lém, eye esi fia la va ekpɔ ge ɖa la, Amnon gblɔ na fia la bena: Na nɔvinyenyɔnu Tamar nava to tatali eve te ŋkunye me, ne wòalé ɖe asi maɖu!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite