Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 13:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke eɖo ŋu bena: Kpao, nɔvinye! Megagblẽm o, elabena womewɔna alea le Israel o! Megawɔ ŋukpenanu sia o!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Tamar do ɣli be, “Oo, Amnon, èdzɔ movi loo! Mègawɔ nu sia tɔgbi o. Wò ŋutɔ ènya be nu sia tɔgbi medzɔna le Israel o.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 13:12
12 Referans Kwoze  

Tete melé nye ahiã la, eye meflu heɖo ɖe Israel-nyigba ƒe nutowo katã me, elabena wowɔ ŋukpenanu kple nu vlo le Israel.


Tete ŋutsu, si nye aƒeatɔ la, ɖo yi wo gbɔ gblɔ na wo bena: Oo, nɔvinyewo, migawɔ nu vlo sia o! Esi wònye aƒenye me ŋutsu sia va dze la, eyata migawɔ nu baɖa sia o!


Ne amea ɖe ɖe nɔvianyɔnu, si nye fofo via alo dada via, eye wòkpɔ eƒe ama, eye nyɔnu la hã kpɔ eƒe ama la, ekema ŋukpenanu wònye, eye woatsrɔ̃ wo le woƒe dukɔ me viwo dome, elabena eɖe nɔvianyɔnu ƒe ama ɖe go, eye fɔɖiɖi la le edzi.


Esi Yakob viŋutsuwo gbɔ tso lãnyiƒe, eye wosee la, ŋutsuawo bi dzi, eye wodo dɔmedzoe ŋutɔ; elabena ewɔ ŋukpenanu ɖe Israel ŋuti, be wòde asi Yakob ƒe vinyɔnu ŋuti, nusi medze kura o.


Megaɖe asi fofowò srɔ̃ ƒe vinyɔnu ŋu o, elabena wò ŋutɔ fofowòe dzii, eye nɔviwònyɔnu hãe wònye.


Megaɖe asi nɔviwònyɔnu, fofowò vinyɔnu alo dawò vinyɔnu, si wodzi ɖe aƒe alo ɖe afi bubu la ŋu o.


Tete meɖe ŋku ɖe ame bebewuwo dome, eye mekpɔ ɖekakpuivi bometsilaa ɖe le ŋutsuviwo dome.


ekema ŋutsu, si de asi eŋu la, naxe klosalo blaatɔ̃ na nyɔnuvia fofo, eye woaxɔe aɖe, le esi wògblẽe la ta, eye mekpɔ mɔ aɖe asi le eŋu le eƒe agbe me ŋkekewo katã me o.


Tete anyigba ma dzi fia, Xamor Xiwitɔ, ƒe ŋutsuvi Sixem kpɔe, eye wolee de asi eŋu, hegblẽe sesẽe.


ekema woakplɔ nyɔnuvi la ayi fofoa ƒe xɔ nu, eye dua me ŋutsuwo naƒu kpee woaku, elabena ewɔ ŋukpenanu le Israel, eye wòwɔ ahasi le fofoa ƒe me. Ale naɖe vɔ la ɖa le dowòme.


elabena wowɔ ŋukpenanu le Israel, be wowɔ ahasi kple wo haviwo srɔ̃wo, eye wogblɔ alakpanya, si nyemede wo si o la, le nye ŋkɔ me. Menyae, eye menye ɖasefo, Yehowa ye gblɔe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite