Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 13:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esia megbe la Dawid vi Absalom nɔvinyɔnu Tamar, si dze tugbe la, ƒe nu lé dzi na Dawid vi Amnon.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Nɔvinyɔnu dzetugbe aɖe nɔ Absalom, David ƒe viŋutsu si. Eŋkɔe nye Tamar eye eƒe nu nyo David viŋutsu bubu si woyɔna be Amnon la ŋu, evɔ Amnon kple Tamar nye atsusiviwo.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 13:1
15 Referans Kwoze  

Amesiawo nye Dawid ƒe viŋutsuwo, ke eƒe ahiãwo ƒe viŋutsuwo mele eme o. Wo nɔvinyɔnu enye Tamar.


etɔ̃lia nye Absalom, si nye Gesur-fia Talmai ƒe vinyɔnu Maaxa ƒe vi; enelia nye Adoniya, Xagit ƒe vi;


Wodzi ŋutsuvi etɔ̃ kple nyɔnuvi ɖeka, si ŋkɔ nye Tamar, eye wòdze tugbe la, na Absalom.


Ke azɔ Amnon lé fui vevie ŋuta, ele fui wu alesi wòlɔ̃e tsã gɔ̃ hã. Eye Amnon gblɔ ne bena: Tsi tre, nadzo!


Nyonyo le alakpae, eye tugbedzedze la, yae; nyɔnu, si vɔ̃a Yehowa le, ele be, woakafui.


Eƒe tugbedzedze megadzro wò le dzi me o, eye megatsɔ eƒe aɖaba le wò o.


Ke fia Salomo lɔ̃ dutanyɔnu geɖewo, siwo tso Moab, Amon, Edom, Zidon kple Xet hekpe ɖe Farao-vinyɔnu la ŋu.


Le ɣetrɔ me, esi Dawid fɔ tso eƒe aba dzi le tsa ɖim le fiaxɔ ta me la, ele xɔa ta me kpɔ nyɔnua ɖe le tsi lem; nyɔnu la dze tugbe ŋutɔ.


Eye eƒe dzi ku de Yakob ƒe vinyɔnu Dina ŋu, eye wolã ɖetugbivi la, eye wòde asi eŋu beble me.


Ale Yakob subɔ ƒe adre ɖe Raxel ta, eye wòle nɛ abe ŋkekea ɖewo ko ene, le alesi gbegbe wòlɔ̃ne la ta.


Eye Yakob lɔ̃a Raxel, eyata wògblɔ bena: Masubɔ wò ƒe adre le Raxel, wò nyɔnuvi ɖevitɔ la ta.


mawuviwo kpɔ bena, amegbetɔviwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe ŋutɔ, eye woɖe wo dometɔ, siwo katã dze wo ŋu.


Eye wòve Amnon, vaseɖe esime wòzu da dze edzi le nɔvianyɔnu Tamar ta, elabena ɖetugbi wònye, eye Amnon menya alesi gɔ̃ woawɔ awɔ nane kplii o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite